Dɔwɔwɔwo 24
24
Paulo le tsitre ɖe mɔ̃mefia Felike ƒe ŋku me.
1Eye ŋkeke atɔ̃ megbe la nunɔlagã Anania kple amegãa ɖewo kpakple nyanuɖela Tertulo, va afima, eye woawo ƒo nu na mɔ̃mefia la ɖe Paulo ŋuti. 2Eye esi woyɔe ve la, Tertulo de asi enutsotso me bena: 3Esi miekpɔ bena, to dziwò miekpɔ tomefafa geɖe kple nuwo ɖɔɖɔɖo to wò beléle na dukɔ sia me la, miaƒe ŋkuwo le nusiawo katã dzi le afisiafi kple akpeawo katã ɖada na wò, Felike nyui. 4Gake bena nyemagasika wò ɖi akpa o la, meɖe kuku na wò, naɖo to mí ʋee le wò dɔmefafa la nu. 5Elabena miekpɔ ŋutsu sia bena, enye dɔvɔ̃ kple amesi ɖea zi Yudatɔwo katã dome le xexeame godoo, eye wònye Nazaretɔwo ƒe kɔmamã ƒe amegã, 6amesi te kɔgbegblẽɖo na gbedoxɔ la hã kpɔ; amesi mielé, eye miedi bena, madrɔ̃ ʋɔnui le míaƒe se la nu hafi; 7ke aʋafia gã Lisia va, eye wòxɔe le mía si kple sesẽ heyii. 8Eye wòde se na enutsolawo bena, woava gbɔwò. Azɔ, ne èdrɔ̃ ʋɔnui la, wò ŋutɔ ate ŋu ase nu siwo ŋuti míele enu tsom ɖo la tso eya ŋutɔ gbɔ. 9Eye Yudatɔwo hã de edzi, eye woka ɖe edzi bena, nusiawo le eme nenema.
10Eye esi mɔ̃mefia la mia asii bena, wòaƒo nu la, Paulo ɖo ŋu bena: Esi menyae bena, ƒe geɖee nye esi nènye ʋɔnudrɔ̃la na dukɔ sia la, dzi le ƒonye be, ma ɖe ɖokuinye nu; 11elabena wò hã ate ŋu àse bena, mewu ŋkeke wuieve o, esime meyi ɖe Yerusalem subɔsubɔ ge; 12eye womekpɔm hã mele dze ɖom kple amea ɖe le gbedoxɔ me alo mede zi ameawo me le ƒuƒoƒeawo alo dua me hã kpɔ o. 13Eye womate ŋu afia kpɔɖeŋu hã le nusi wotsɔ le nunye tsom la ŋu o. 14Ke mele esia me ʋum na wò bena, mele mía fofowo ƒe Mawu la subɔm le mo, si woyɔna be kɔmamã la nu, ale bena mexɔ nusiwo katã woŋlɔ ɖe se la kple nyagblɔɖilawo me la dzi se, 15eye mɔkpɔkpɔ, si le asinye na Mawu la, le woa ŋutɔwo hã si bena, tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa. 16Le esia me nye hã meɖoa vevie, bena dzitsinya, si ŋu abia ɖeke mele o la, nanɔ asinye ɖaa le Mawu kple amewo ŋku me. 17Azɔ le ƒe geɖe megbe la meva be, matsɔ nunanawo na nye dukɔ la, eye masa vɔ. 18Le eya me wokpɔm le gbedoxɔ la me, mele ŋutinye kɔm, menye kple ameha alo kple hoowɔwɔa ɖeke o; woawo nye Yudatɔa ɖewo tso Asia, 19amesiwo wòdze be, woava ŋkuwò me hafi, bena ne nyaa ɖe le wo si ɖe ŋutinye la, ne woatso nunye. 20Alo na amesiawo ŋutɔ nagblɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, si ke wokpɔ le ŋunye, esime mele tsitre ɖe ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me; 21negbe nya ɖeka sia koe meɖo ɣli gblɔ, esime mele tsitre le wo dome bena; ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti miele ʋɔnu drɔ̃mem egbe sia ɖoa?
22Ke Felike, esi wonyã nu le mɔ sia ŋuti kɔte la, ehe woƒe nya ɖe megbe hegblɔ bena: Ne aʋafia gã Lisia va la, mabia miaƒe nya la gɔme ase. 23Eye wòde se na aʋafia la bena, Paulo nanɔ eƒe dzikpɔkpɔ te, eye wòana woagbɔ ɖe eme, eye megaxe mɔ na etɔwo dometɔa ɖeke be, megasubɔe o.
24Ke ŋkekea ɖewo megbe la Felike kple srɔ̃a Drusila, si nye Yudatɔ la, wova, eye wodɔ woyi ɖayɔ Paulo vɛ, eye wose Kristo Yesu dzixɔse nya tso egbɔ. 25Ke esi wòle dzɔdzɔenyenye kple ɖokuidziɖuɖu nyui kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃, si le vava ge la, ŋutinya gblɔm la, dzidzi ƒo Felike, eye wòɖo ŋu bena: Azɔ la heyi egbɔ: ne mekpɔ asinu nyui la, mana woayɔ wò vɛ. 26Eye wòle mɔ hã kpɔm bena, Paulo ana ga ye: eyaŋuti wòdɔna woɖayɔnɛ vɛ edziedzi, eye woɖoa dze kplii. 27Ke le ƒe eve megbe la Porkio Festo va nɔ Felike teƒe; eye esi Felike le didim be, yeave Yudatɔwo nu la, egblẽ Paulo ɖe ga me.
Currently Selected:
Dɔwɔwɔwo 24: EWERV
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.