Dɔwɔwɔwo 17
17
Paulo fia nu le Tesalonika, Beroia kple Atene.
1Eye esi woto Amfipoli kple Apolonia la, wova Tesalonika, afisi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒea ɖe le: 2eye abe alesi Paulo nɔa wɔwɔm ene la, eyi eme ɖe wo gbɔ; eye Sabat etɔ̃ sɔŋ wòɖo dze na wo tso ŋɔŋlɔawo me; 3eye wòle eme ʋum fia wo kɔte bena, ele na Kristo be, woakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome, eye bena amesiae nye Kristo Yesu, amesi ŋutinya gblɔm mele le mia fiam. 4Eye wo dome amea ɖewo xɔe se, eye woku ɖe Paulo kple Sila ŋu kple Helatɔ, siwo vɔ̃a Mawu la dome ame geɖe, kple nyɔnu ŋkutatɔwo, menye ame ʋeea ɖe o. 5Ke esi Yudatɔwo ʋã ŋu la, wotsɔ ablɔmeme vlowo dome ŋutsu vɔ̃ɖia ɖewo kpe ɖe wo ɖokui ŋu, eye esi wona ameawo ƒo zi la, dua me ɖi hoo, eye wova tsi tre ɖe Yason ƒe xɔ nu, eye wodi bena, yewoakplɔ wo ayi ɖe ameha la me. 6Eye esi womekpɔ wo o la, wohe Yason kple nɔviaa ɖewo yi ɖe dua me dziɖulawo gbɔ hele ɣli dom bena: Amesiwo de zi xexeame la, wova afisia hã, 7woawo Yason xɔ ɖe eƒe me; eye amesiawo katã woda kaisaro ƒe seawo dzi, le esime wogblɔ bena, ame bubue nye fia, eyae nye Yesu. 8Eye wonyama ameha la kple dua me dziɖulawo, esi wose nya siawo. 9Ke esi wòxɔ asiƒuakɔnu le Yason kple ame bubuawo si la, woɖe asi le wo ŋu.
Paulo fia nu le Beroia.
10Ke nɔviawo dɔ Paulo kple Sila ɖe Beroia enumake le zã me. Esi woawo ɖo afima la, woyi ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe me. 11Ke amesiawo ɖo ʋu wu amesiwo le Tesalonika, woawo la woxɔ nya la kple dzi faa, eye wole ŋɔŋlɔawo me dzrom gbesiagbe be, nusiawo le eme hã. 12Eyaŋuti wo dome ame geɖewo xɔe se, eye Hela-nyɔnu ŋkulatɔwo kple ŋutsuwo hã, menye ame ʋeea ɖe o. 13Ke esi Yudatɔ, siwo le Tesalonika, se bena, Paulo gblɔ mawunya la fia le Beroia hã la, wova afima hã, eye wode zi amehawo me hele woƒe tame blum. 14Tete nɔviawo dɔ Paulo ɖe ƒu gome enumake, eye Sila kple Timoteo tsi afima. 15Ke amesiwo ɖo Paulo ɖa la, wokplɔe vaseɖe Atene; eye esi woxɔ se na Sila kple Timoteo bena, woava egbɔ kaba la, wotrɔ.
Paulo fia nu le Atene.
16Ke esi Paulo le mɔ kpɔm na wo le Atene la, eƒe gbɔgbɔ bi azi le eme, esi wòkpɔ dua me yɔ fũ kple legbawo. 17Eye wòƒo nu na Yudatɔwo kple amesiwo vɔ̃a Mawu le ƒuƒoƒe la kpakple amesiwo doa goe le asi me gbesiagbe. 18Eye Epikuro- kple Sloa-nunyaxɔlɔ̃a ɖewo hã sẽ nu kplii. Eye amea ɖewo gblɔ bena: Nuka gɔ̃ dim nuƒola sia le be, yeagblɔ Ke ɖewo bena: Ewo abe dutamawuwo fiãm wòle ene; elabena egblɔ Yesu kple tsitretsitsi ƒe nyanyuie la fia wo. 19Eye wòlée hekplɔe yi ʋɔnudrɔ̃ƒe, si woyɔna be Areopago la hegblɔ bena: Ɖe míate ŋu anya nusi nufiafia yeye sia, si ŋuti nèle nu ƒom na mi le la nye mahã? 20Elabena èna miaƒe towo se nya yeye, siwo womese kpo o, azɔ miele didim be, mianya nusi gɔ̃ nusiawo nye. 21Ke Atenetɔwo katã kple amedzro, siwo le afima la, womekpɔa vovo na nu bubua ɖeke wɔwɔ o, negbe na nya yeye gbɔgblɔ alo esese ko. 22Eye esi Paulo le tsitre ɖe Areopago la titina la, egblɔ bena: Mi Ateneŋutsuwo, mekpɔ bena, le nusianu me la mievɔ̃a mawuwo ŋuta. 23Elabena esi metsa le dua me, eye mekpe miaƒe nu subɔsubɔwo ɖa la, mekpɔ mlekpuia ɖe hã, si dzi woŋlɔ ɖo bena: „Mawu, si womenya o la tɔe.“ Azɔ nusi mienyã o, hafi miele esubɔm la, eya ke gblɔm mele le mia fiãm. 24Mawu, si wo xexeame kple nusiwo katã le eme la, eya, esi wònye dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ la, menɔa gbedoxɔ, siwo wowɔ kple asiwo la me o; 25eye menye amewo ƒe asiwò hã wotsɔna subɔnɛ, abe ɖe nane le ehiãm ene o, esi eya ŋutɔ na agbe kple gbɔgbɔ kpakple nuwo katã amesiame, 26eye wòwɔ bena, amewo ƒe dukɔ sia dukɔ tso ʋu ɖeka me le anyigba da ƒe ŋku me: eye wòɖo azãgbewo kple woƒe nɔƒe ƒe liƒowo da ɖi; 27bena woadi Mawu, ɖewo woatsa asi adze sii, eye woakpɔe matu, wònye mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ hafi o: 28elabena eya me míele agbe, eye míeʋãna le, eye miele, abe alesi miaƒe henɔa ɖewo hã gblɔ ene bena: „Elabena eƒe dzidzime miawo hã míenye.“ 29Azã esi míenye Mawu ƒe dzidzime la, medze bena, míasusu be, mawunyenye la ele abe sika alo klosalo alo kpe, si wodze le ame ƒe aɖaŋuwɔwɔ kple tamesusu nu la ene o. 30Eye ɣeyiɣi, siwo me womenya nu o la, Mawu ŋe aɖaba ƒu dzi; ke azɔ la ede se na amewo katã le afisiafi bena, woatrɔ le woƒe dziwo me; 31elabena eɖo ŋkeke, si dzi wòle ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu to ŋutsua ɖe, si woɖo la dzi; eye wòle xɔse dom ɖe amewo katã, le esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ŋuti. 32Ke esi wose ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋutinya la, amea ɖewo ɖe alɔme ɖe eŋuti, eye ɖewo gblɔ bena: Míagase ŋutinya sia ɣebubuɣi. 33Ale wo, eye Paulo dzo le wo dome. 34Gake ŋutsua ɖewo ku ɖe eŋu, eye woxɔe se, amesiwo dome hã Dionisio, Areopago to la, kple nyɔnua ɖe, si ŋkɔ nye Damaris kpakple ame bubu, siwo kpe ɖe wo ŋu la le.
Currently Selected:
Dɔwɔwɔwo 17: EWERV
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.