YouVersion Logo
Search Icon

Dɔwɔwɔwo 15

15
Apostolowo le takpekpe le Yerusalem kple ɖoɖo be, womatsɔ se la aɖo agbae ɖe xɔsetɔwo dzi o.
1Eye amea ɖewo tso Yudea va fia nu nɔviawo bena: Ne wometso aʋa na mi le Mose ƒe kɔa nu o la, miate ŋu akpɔ xɔxɔ o. 2Eye esi menye nusese kple anukutsyɔtsyɔ via ɖe wònye dzɔ ɖe woawo kple Paulo kple Barnaba dome o la, woɖo bena, Paulo kple Barnaba kpakple wo dometɔa ɖewo nayi apostolowo kple hamemegã, siwo le Yerusalem la gbɔ le biabia sia ta. 3Azɔ woawo la, esi hame la dɔ wo ɖa la, woto Foinike kple Samaria hele trɔ̃subɔlawo ƒe tɔtrɔŋutinya xlẽm fia. Eye wòzu dzidzɔ gã na nɔviawo katã. 4Eye esi wova Yerusalem la, hame la kple apostoloawo kpakple hamemegãwo xɔ wo; eye woka nusiwo katã Mawu wɔ kpli wo la ta na wo? 5Ke amea ɖewo, siwo tso farisitɔwo ƒe kɔmamã me, amesiwo xɔ se la, tsi tre, eye wogblɔ bena, ele bena, woatso aʋa na wo, eye woaɖo na wo be, woalé Mose ƒe se la me ɖe asi.
6Eye apostoloawo kple hamemegãwo va kpe ta be, yewoakpɔ nya sia me da. 7Ke esi wole nusesẽe geɖe wɔm la, Petro tsi tre, eye wògblɔ na wo bena: Ŋu tsuwo, nɔviwo, mienyae bena, tsã la Mawu dam le mia dome, bena trɔ̃subɔlawo nase nyanyuie la tso nunye me, eye ne woaxɔ ase. 8Eye Mawu, si nya dziwo me la, ɖi ɖase na wo, le esime wotsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la na wo, abe alesi wòna miawo hã ene; 9eye mede vovoa ɖeke mía kpli wo dome o, le esime wòklɔ woƒe dziwo me to xɔse me. 10Azɔ nukaŋuti miele Mawu tem kpɔ be, miatsɔ kɔkuti, si mia fofowo kple mia ŋutɔwo hã miete ŋu tsɔ o la, aku nusrɔ̃lawo ƒe kɔa? 11Ke boŋ to Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve me la miexɔe se bena, míakpɔ xɔxɔ abe woamawo ke ene. 12Tete ameha blibo la katã zi ɖoɖoe, eye woɖo to Barnaba kple Paulo ƒe nyaxexlẽfia le dzesi kple nukunu, siwo katã Mawu wɔ to woƒe asiwo dzi le trɔ̃subɔlawo dome la ŋuti. 13Eye esi wozi ɖoɖoe megbe la, Yakobo xɔ edzi gblɔ bena: Ŋutsuwo, nɔviwo, miɖo tom! 14Simeon xlẽ fia, alesi Mawu kpɔ trɔ̃subɔlawo ɖa gbã, bena yeaxɔ dukɔ tso wo dome hena eƒe ŋkɔ la. 15Eye esia sɔ kple nyagblɔɖilawo ƒe nyawo, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: 16„Nusiawo megbe la magatrɔ ava, eye magatu Dawid ƒe agbadɔ, si mũ dze anyi la, magaɖɔ eƒe gbagbãƒewo ɖo, eye magafɔe ɖe tsitre, 17bena amewo ƒe susɔe kple dukɔ, siwo katã dzi woyɔ nye ŋkɔ do la, nadi Aƒetɔ la yome mɔ, Aƒetɔ la gblɔe, amesi le nusiawo, siwo 18wònya tso keke blema ke la wɔm.“ 19Eyaŋuti nye la mebu bena, miagaɖe fu na amesiwo trɔ tso trɔ̃subɔlawo dome va Mawu gbɔ la o, 20ke boŋ la miaŋlɔ na wo bena, woatsri trɔ̃wo ƒe ɖiƒoƒo kple ahasiwɔwɔ kple lã tsiʋumewo kpakple ʋu. 21Elabena tso blema ke Mose ƒe gbeƒãɖelawo le du sia du me le esime be, woxlẽnɛ le ƒuƒoƒewo le Sabat sia Sabat dzi.
22Tete wòdze apostoloawo kple hamemegãwo kpakple ha blibo la katã ŋu bena, yewoatia ŋutsua ɖewo atso yewo dome aɖo ɖe Antioxia akpe ɖe Paulo kple Barnaba ŋu, woawo nye Yuda, si woyɔna be Barsaba, kple Sila, ŋutsu, siwo nye amegãwo le nɔviawo dome. 23Eye woŋlɔ agbalẽ de wo si bena: Apostolowo kple hamemegãwo kple nɔviwo ɖuɖɔ nɔvi, siwo tso trɔ̃subɔlawo dome le Antioxia kple Siria kpakple Kilikia la ƒã. 24Elabena esi miese be, amea ɖewo tso mia dome va blu miaƒe tame kple nyawo, eye wonyama miaƒe luʋɔwo gblɔ bena, woatso aʋa na mi, eye mialé se la me ɖe asi, evɔ miede sea ɖeke na wo o la; 25Enyo mía ŋu, esi mieƒo nu ɖekae be, míadɔ ŋutsu tiatiawo akpe ɖe míaƒe lɔlɔ̃tɔwo, Barnaba kple Paulo ŋu aɖo ɖe mi, 26amesiwo tsɔ woƒe agbe na ɖe mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la ta. 27Azɔ míedɔ Yuda kple Sila ɖa, amesiwo ŋutɔ hã lagblɔe na mi nenema ke kple woƒe nu. 28Elabena enyo Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple miawo hã ŋu be, míagatsɔ agba gãa ɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o, 29bena, miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo kple ahasiwɔwɔ; ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le wo me la, ekema miewɔe nyuie. Minɔ anyi sesĩe!
30Azɔ woawo la, esi wodo mɔ wo la, wova Antioxia, eye woƒo ameha la nu ƒu, eye wotsɔ agbalẽ la na. 31Ke esi woxlẽe la, wodzɔ dzi le akɔfafa la ŋuti 32Eye Yuda kple Sila, amesiwo hã nye nyagblɔɖilawo la, xlɔ̃ nu nɔviawo kple nya geɖewo; eye wodo ŋusẽ wo. 33Eye esi wonɔ afima ʋee la, nɔviawo do mɔ wo le ŋutifafa me ɖo ɖe amesiwo dɔ wo ɖa la gbɔ. 34Ke enyo Sila ŋu be, yeatsi afima. 35Ke Paulo kple Barnaba wonɔ Antioxia hele nu fiãm, eye wole Aƒetɔ ƒe nyanyuie la gblɔm fia kple ame bubu geɖewo hã.
Paulo ƒe mawunyagbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia.
36Ke ŋkekea ɖewo megbe la Paulo gblɔ na Barnaba bena: Azɔ na miagbugbɔ ayi aɖakpɔ nɔviawo ɖa le du sia du, si me miegblɔ Aƒetɔ ƒe nya la le, alesi wole wɔwɔm. 37Eye Barnaba ɖi bena, yewoatsɔ Yohanes, si woyɔna be Marko la, akpe ɖe yewo ɖokui ŋu. 38Ke Paulo ɖo bena, yewomatsɔ amesia, si trɔ le wo yome le Pamfilia, eye meyi ɖawɔ dɔ kpli yewo o la, akpe ɖe yewo ɖokui ŋu o. 39Eye wòzu dɔmedzoe na wo, eye womã tso wo nɔewo gbɔ. Barnaba tsɔ Marko kpe ɖe eɖokui ŋu, eye woɖo ʋu yi Kipro. 40Ke Paulo fia Sila kpe ɖe eɖokui ŋu, eye esi nɔviawo tsɔe de Mawu ƒe amenuveve me la, edzo heyi. 41Eye wòyi ɖato Siria kple Kilikia hele ŋusẽ ɖom hameawo.

Currently Selected:

Dɔwɔwɔwo 15: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in