YouVersion Logo
Search Icon

Timoteo II 2

2
Nuxɔxlɔ̃ le anukwareɖiɖi kple tenɔnɔ sesĩe le nufiafiadɔ la me ŋuti.
1Azɔ wò la, vinye, sẽ ŋu le amenuveve, si le Kristo Yesu me la me, 2eye nusiwo nèse tso gbɔnye le ɖaseɖila geɖewo dome la, nu mawo ke natsɔ ade asi na ame wɔnuteƒewo, amesiwo ate ŋu afia nu ame bubuwo hã. 3Azɔ wò la, do dzi le fukpekpe me abe Yesu Kristo ƒe aʋawɔla nyui ene. 4Amea ɖeke menɔa aʋa wɔm so gatsɔa eɖokui dea nuɖuɖudɔwɔwɔwo me o, bene wòadze amesi tsɔ aʋae la ŋu. 5Ke ne amea ɖe le kame tem hã la, womaɖɔ dziɖuɖukuku nɛ o, negbe ɖeko wòate kame le se la nu hafi. 6Agbledela, si dzea agbagba la, ele nɛ be, wòatre kutsetse la ƒe ɖe ɖuɖu. 7Bu nusi gblɔm mele la me kpɔ; elabena Aƒetɔ la ana gɔmesese wò le nuwo katã me. 8Ɖo ŋku Yesu Kristo, tsi tsi tre tso ame kukuwo dome, amesi tso Dawid ƒe ƒome me le nye nyanyuie nu la dzi, 9nusi ŋuti mekpe fu ɖo yiɖase bablawo me, abe nuvɔ̃wɔla ene; gake womebu mawunya la o. 10Eyata medoa dzi le nuwo katã me ɖe ame tiatiawo ta, bene woawo hã ƒe asi nasu xɔxɔ, si le Kristo Yesu me, kple ŋutikɔkɔe mavɔmavɔ la dzi. 11Nyateƒenya wònye: Ne míeku kpakplii la, míanɔ agbe hã kpakplim, 12ne miedo dzi la, míaɖu fia hã kpakplii; ne miegbe nu le egbɔ la, eyama hã lagbe nu le mia gbɔ; 13ne míenye nuteƒewɔlawo o la, eyama lanɔ anyi nuteƒewɔla; elabena mate ŋu agbe nu le eɖokui gbɔ o.
Nuxɔxlɔ̃ le aʋatsonufialawo ƒe nyaʋiʋli ƒuƒlu ŋuti.
14Ɖo ŋu nusiawo na wo, eye naɖi ɖase na wo le Aƒetɔ la ŋku me, bene womagatsɔ nya awɔ dzre, si me viɖea ɖeke mele o la o, ke boŋ woblua nyaselawo ƒe tame. 15Do vevie be, natsɔ ɖokuiwò afia Mawu abe ame like kple dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi ma nyateƒenya la me pɛpɛpɛ ene. 16Ke si le dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo nu; elabena woayi dzi geɖe wu le mawumavɔ̃mavɔ̃ me, 17eye woƒe nya la keke ɖe dzi abe abi vɔ̃ ene, amesiwo dome Himenaio kple Fileto wole, 18amesiwo tre mɔ tso nyateƒe la gbɔ hele gbɔgblɔm bena, tsitretsitsi va yi xoxo, eye wotrɔa amea ɖewo ƒe xɔse tsyɔa anyi.
19Gake la Mawu ƒe gɔmeɖoɖoanyi sesẽ la lia ke, eye nutrenu sia li nɛ. Aƒetɔ la nya amesiwo nye etɔwo, eye amesiame, si yɔa Aƒetɔ ƒe ŋkɔ la, nate ɖa le madzɔmadzɔnyenye gbɔ. 20Ke le aƒe gã me la menye sikanuwo kple klosalonuwo ɖeɖekoe nane o, ke boŋ atinuwo kple anyinuwo hã nɔnɛ, ɖewo li bubu le wo ŋu, ɖewo li bubu mele wo ŋu o. 21Eyata ne amea ɖe klɔ eɖokui keŋ tso nu mawo me la, anye goe, si ŋu bubu le, si ŋuti kɔ, si nyo na aƒeatɔ ƒe ŋuɖɔwɔwɔ, si wodzra ɖo ɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.
Le zɔzɔ nyui ŋuti.
22Si le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo nu; ke dze dzɔdzɔenyenye, xɔse, lɔlɔ̃ kple ŋutifafa yome hekpe de amesiwo katã yɔ Aƒetɔ la le dzi dzadzɛ me la ŋu. 23Ke gbe bometsitsi ƒe yakanukutsyɔtsyɔwo, elabena ènyae bena, wòhea dzre ko vɛ. 24Ke ele na Aƒetɔ la ƒe subɔla be, wòagawɔ dzre o, ke boŋ wòanye amesi nyoa dɔme na amewo katã, amesi tea ŋu fiãa nu, amesi doa dzi le vɔ̃ me, 25amesi gbea nya le dzigbɔɖeanyi me na amesiwo tsia tre ɖe mawunya ŋu, ɖewo Mawu ana dzimetɔtrɔ wo, bene woadze si nyateƒe la, 26eye woaganyɔ̃ avo atso Abosam, si lé wo aboyo, bene woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la ƒe mɔ me mahĩ.

Currently Selected:

Timoteo II 2: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in