YouVersion Logo
Search Icon

Petro I 5

5
Hamemegãwo ƒe dɔ.
1Hamemegã, siwo le mia dome la, nye, amesi nye mia ha-ha-memegã kple Kristo ƒe fukpekpewo ɖaseɖila kple ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go la hã gomekpɔla la, mele nu xlɔ̃m mi be: 2Minyi Mawu ƒe alẽha, si le mia dome, eye mikpɔ edzi; menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa le Mawu nu; menye le viɖe ƒoɖi ta o, ke boŋ kple dzi faa; 3menye abe amesiwo ɖu aƒetɔ ɖe ha me, si wode asi na wo la, dzi ene o, ke boŋ abe amesiwo nye kpɔɖeŋu na hame la ene, 4ekema ne alẽkplɔla gã la lado la, miaxɔ ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku magblẽmagblẽ la.
Le ɖokuibɔbɔ, dziɖoɖo ɖe Mawu ŋu kple ŋudzɔnɔnɔ ŋuti.
5Nenema ke, mi ɖekakpuiwo, mibɔbɔ mia ɖokui ɖe ame tsitsiwo te; ke mi katã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitso ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu. 6Azɔ la mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, bene wòakɔ mi de dzi le ɣeyiɣi, si woɖo ɖi la dzi. 7Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi. 8Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene; 9minɔ tsitre sesĩe ɖe eyama ŋuti le xɔse me, esi mienyae bena, fukpekpe mawo ke va mia nɔvi, siwo le xexeame la dzi.
Yayradiname-nyawo.
10Ke amenuveve katã ƒe Mawu, amesi yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo Yesu me la, ŋutɔ awɔ mi amesiwo kpe fu via ɖe ko la blibo, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mía gɔme anyi. 11Eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.
Gbedoname kpe nuwunyawo.
12Meŋlɔ nya kpui sia ɖo ɖe mi to Silvano, amesi mebu nɔvi nuteƒewɔla la, si me hele nu xlɔ̃m, mi, eye mele ɖase ɖim bena, esiae nye Mawu ƒe amenuveve vavãtɔ. Minɔ tsitre sesĩe ɖe eme. 13Hame, si wolia kpakpli mi le Babilon kple vinye Marko ɖuɖɔ mi ƒã. 14Mitsɔ lɔlɔ̃nugbugbɔ ɖuɖɔ mia nɔewo nam ƒã.
Ŋutifafa nanɔ anyi kpli mi amesiwo katã le Kristo Yesu me!

Currently Selected:

Petro I 5: EWERV

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in