Petro I 3
3
Srɔ̃tɔwo ƒe dɔ
1Nenema ke, mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia dokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, bena ne amea ɖewo meɖo to nya la o la, nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ nyaa ɖeke magblɔ la naɖe wo, 2esi wokpɔ miaƒe agbenɔnɔ dzadzɛ le vɔvɔ̃ me ɖa la, 3amesiwo ƒe lekewɔwɔ naganye gota gome lekewɔwɔ to ɖaƒoƒo kple sikadodo kple awudodo me o, 4ke boŋ wòanye dzime ƒe ame ɣaɣla le gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo la, ƒe nɔnɔme magblẽmagblẽ me, si xɔ asi sesẽ le Mawu ƒe ŋku me. 5Elabena nenema ke nyɔnu kɔkɔewo hã, amesiwo kpɔ mɔ na Mawu la, wɔ leke na wo ɖokui tsã, eye wobɔbɔ wo ɖokui na woa ŋutɔwo srɔ̃wo, 6abe alesi Sara ɖoa to Abraham, eye wòyɔnɛ be aƒetɔ la ene, amesi vinyɔnuviwo míezu azɔ, ne miewɔa nu nyui, eye míeyɔa ŋɔdzidodoa ɖeke o.
7Nenema ke, mi ŋutsuwo la, minɔ anyi kple nyɔnuwo le nunya me, esi wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu la ŋuti, eye mitsɔ bubu na wo; elabena woawo hã wonye agbe ƒe amenuveve hadomenyilawo, bene míagaxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o.
Le lɔlɔ̃ kple dɔmefafa ŋuti.
8Mlɔeba la mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu; mibɔbɔ mia ɖokui. 9Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe alo dzudzu dzudzu teƒe o; ke esia teƒe la miyra boŋ; elabena esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, be mianyi yayra ƒe dome. 10Elabena amesi le didim be, yealɔ̃ agbe, eye yeakpɔ ŋkeke nyuiwo la, nekpɔ eƒe aɖe dzi ɖe vɔ̃ ŋu kple eƒe nuyiwo dzi, bene woagagblɔ alakpanya o; 11nete ɖa le vɔ̃ ŋu, eye wòawɔ nu nyui; nedi ŋutifafa, eye woati eyome. 12Elabena Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kukuɖeɖe ŋu; ke Yehowa klẽa ŋku ɖe amesiwo wɔa vɔ̃ la.
13Eye ameka awɔ vɔ̃ ɖe mia ŋu, ne mienye veviedolawo le nu nyui me mahã? 14Ke ne miekpe fu le nu dzɔdzɔe ŋuti hã la, woayra mi. Ke migavɔ̃ woƒe vɔvɔ̃ o, eye ŋɔ hã nagadzi mi o; 15ke boŋ mikɔ Aƒetɔ Kristo la ŋu le miaƒe dziwo me, eye misu te ɖaasi, bene miana ŋuɖoɖo amesiame, si abia nyaa ɖe mi le mɔkpɔkpɔ, si le mia me la ŋuti; gake miwɔe kple dɔmefafa kpakple vɔvɔ, 16esi dzitsinya nyui le mia si, bene nusi me wogbɔ nya vɔ̃ de mia ŋuti le abe vɔ̃wɔlawo ene la, woado ŋukpe amesiwo do vlo miaƒe agbenɔnɔ nyui, si le Kristo me la. 17Elabena ne enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, fukpekpe le nu nyui wɔwɔ ŋuti enyo wu fukpekpe le vɔ̃wɔwɔ ŋuti.
Le Kristo ƒe tsiẽƒeyiyi kple mawutsidedeta ŋuti.
18Elabena Kristo hã kpe fu le nuvɔ̃wo ŋuti zi ɖeka, ame dzɔdzɔe ɖe ame madzɔmadzɔ teƒe, bene wòakplɔ mí ayi Mawu gbɔ; esime wowui le ŋutilã gome, ke wogbɔ agbee le gbɔgbɔ gome; 19esime hã wòtɔ edzi heyi, eye wògblɔ nya ɖia gbɔgbɔwo le gaxɔ me, 20amesiwo sẽ to tsã, esime Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu la lala le Noa ƒe ŋkekeawo me, esime wòle aɖakaʋu dzram ɖo, si me woɖe ame ʋee, siwo le luʋɔ enyi la le hetso tsi me, 21nusi nye kpɔɖeŋu na mawutsidedetaname, si ɖe miawo hã azɔ, si menye ŋutilãɖiƒoƒo ɖeɖeɖa o, ke boŋ dzitsinya nyui ƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu heto Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me, 22amesi yi ɖe dziƒo, eye wòle Mawu ƒe nuɖusi me, eye mawudɔlawo kple dziɖuɖuwõ kpakple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.
Currently Selected:
Petro I 3: EWERV
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Bible in Éwé Revised Version © Bible Society of Ghana, 1913, 2006.