YouVersion Logo
Search Icon

Zekaria 14

14
Yehowa, va nàɖu fia
1Yehowa ƒe ŋkeke gbɔna esi woama wò nuhahawo na mi.
2Maƒo dukɔwo katã nu ƒu be woava awɔ avu kple Yerusalem, woaxɔ du la, woalɔ aƒewo katã ƒioƒioƒio, eye woalé nyɔnuwo sesẽtɔe adɔ kpli wo. Woakplɔ du la ƒe afã ayi aboyo mee, gake ame mamlɛawo atsi dua me. 3Ekema Yehowa ado, awɔ aʋa kple dukɔ siawo abe ale si wòwɔa aʋae le aʋagbedzi ene. 4Gbe ma gbe la, atsi tsitre ɖe Amito si le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe la dzi, eye Amito la ama ɖe eve kpla, ɖeka ayi ɣedzeƒe, evelia ayi ɣetoɖoƒe. Bali gã aɖe anɔ wo dome ale be to la ƒe afã ayi anyiehe, eye afã ayi dziehe. 5Miasi ato nye to la ƒe balime, elabena akeke va se ɖe keke Azel. Miasi abe ale si miesi le Yuda fia Uzia ƒe ŋkekewo me esime anyigba ʋuʋu la ene. Ekema Yehowa, nye Mawu la ava, eye kɔkɔetɔwo katã anɔ eŋu.
6Gbe ma gbe la, akaɖi, vuvɔ alo afu manɔ anyi o. 7Anye ŋkeke tɔxɛ, elabena ŋkeke alo zã manɔ anyi o. Yehowa koe nya ŋkeke sia. Ne zã do la, kekeli ava.
8Gbe ma gbe la, agbetsi asi tso Yerusalem, afã asi ayi ɖe ɣedzeƒeƒu la me, eye afã asi ayi ɣetoɖoƒeƒu la me. Anɔ alea le dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli siaa.
9Yehowa aɖu fia ɖe anyigba blibo la dzi. Gbe ma gbe la, Yehowa ɖeka koe anɔ anyi, eye eya ko ƒe ŋkɔe anɔ anyi.
10Anyigba blibo la, tso Geba yi Rimon le Yerusalem ƒe dziehe, anɔ abe Araba ene. Ke woakɔ Yerusalem ɖe dzi, eye wòanɔ eteƒe tso Benyamingbo la nu yi ɖe Agbo Gbãtɔ nu, yi ɖe Dzogoegbo la nu, eye tso Hananel ƒe Gbetakpɔxɔ gbɔ va se ɖe fiawo ƒe wainfiaƒe. 11Amewo anɔ eme, eye womagagbãe azɔ o. Dedinɔnɔ anɔ Yerusalem ɖaa.
12Esiae nye dɔvɔ̃ si Yehowa akplɔ aƒu dukɔ siwo katã wɔ avu kple Yerusalem: woƒe ŋutilãwo aƒaƒã le esime wogale afɔ dzi le yiyim. Woƒe ŋkuwo avo ɖe tome na wo, eye woƒe aɖewo aƒaƒã ɖe nu me na wo. 13Gbe ma gbe la, Yehowa atsɔ ŋɔdzi aƒo ŋutsuwoe; ŋutsu ɖe sia ɖe aku ɖe nɔvia ƒe asi ŋu, eye woawɔ avu kple wo nɔewo. 14Yuda hã awɔ avu le Yerusalem; woaƒo dukɔ siwo katã ƒo xlã wo la ƒe kesinɔnuwo nu ƒu, sika kple klosalo gbogbo aɖe kple nudodowo. 15Dɔvɔ̃ sia tɔgbi adze sɔwo, lãɖisɔwo, kposɔwo, tedziwo kple lã siwo katã le woƒe asaɖawo me la dzi.
16Ame siwo katã tsi agbe tso dukɔ siwo wɔ avu kple Yerusalem me la ayi aɖasubɔ Fia si nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ƒe sia ƒe, eye woaɖu Agbadɔmeŋkekenyuiwo. 17Ne ame siwo le anyigba la dzi dometɔ aɖe meyi ɖe Yerusalem ɖasubɔ Fia si nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la o la, tsi madza na wo o. 18Ne Egiptetɔwo meyi ɖakpɔ gome le eme o la, tsi madza na wo o. Yehowa aƒo wo kple dɔvɔ̃ siwo wòtsɔ ƒo dukɔ siwo meyi ɖe Agbadɔmeŋkekenyuiɖuƒe o. 19Esia anye Egipte kple dukɔ bubu siwo meyi Agbadɔmeŋkekenyuiɖuƒe o la ƒe tohehe.
20Gbe ma gbe la, woaŋlɔ ɖe gavi siwo wode kɔ na sɔwo la dzi be, “Èle kɔkɔe na Yehowa,” eye nuɖaze siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la anɔ abe agba kɔkɔe siwo le vɔsamlekpui la ƒe ŋkume ene. 21Nuɖaze ɖe sia ɖe si le Yerusalem kple Yuda la anɔ kɔkɔe na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, eye ame siwo katã va vɔsaƒe la atsɔ nuɖaze aɖewo aɖa nu le wo me, eye gbe ma gbe la, Kanaantɔ aɖeke maganɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔ me o.

Currently Selected:

Zekaria 14: AL

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

Video for Zekaria 14