YouVersion Logo
Search Icon

Zekaria 11

11
1“O Lebanon, ʋu wò agbowo da ɖi siaa be
dzo nabi wò sedatiwo!
2Mifa avi, O logotiwo
elabena sedati mu dze anyi,
ati gãwo tsrɔ̃!
Mi ati sesẽ siwo le Basan,
mifa avi, elabena wolã avetsuawo ƒu anyi!
3Miɖo to alẽkplɔlawo ƒe avifafa,
elabena woƒe lãnyiƒe damawo tsrɔ̃.
Miɖo to dzatawo ƒe xɔxlɔ̃,
elabena Yɔdan ƒe ave damawo tsrɔ̃!”
Alẽkplɔlawo ƒe ha eveawo
4Yehowa, nye Mawu la gblɔ nam be, “Yi nàwɔ dɔ abe alẽkplɔla ene, eye nàkplɔ alẽ siwo woɖo ɖi na wuwu. 5Wo ƒlelawo wua wo yakatsyɔ, eye ame aɖeke mehea to na wo o. Ame siwo dzra wo la hã gblɔ be, ‘Mikafu Yehowa elabena mezu kesinɔtɔ!’ Woƒe kplɔlawo ŋutɔ gɔ̃ hã mekpɔa wo ta o, 6elabena nyemagakpɔ nublanui na anyigbadzinɔlawo o.” Yehowae gblɔe. “Malé ame sia ame ade asi na ehavi kple eƒe fia. Woate anyigba la ɖe to, eye nyemaɖe wo tso woƒe asi me o.”
7Ale nye ŋutɔ mekplɔ alẽha si woɖo ɖi na wuwu, vevietɔ wo dometɔ siwo wote ɖe anyi. Metsɔ atizɔti eve, meyɔ ɖeka be Dɔmefafa, evelia be Ɖekawɔwɔ, eye mekpɔ alẽha la ta. 8Le ɣleti ɖeka me la, meɖe alẽkplɔla etɔ̃ katã ɖa.
Alẽha la lé fum, eye woƒe nu ti kɔ nam. 9Megblɔ be, “Nyemaganye miaƒe kplɔla o. Ame siwo le kukum la neku, eye ame siwo le tsɔtsrɔ̃m la netsrɔ̃. Ame siwo susɔ la nelé wo nɔewo ɖu.”
10Ale metsɔ nye atikplɔ si meyɔ be Dɔmefafa la, meŋee, eye metu nu si mebla kple dukɔwo. 11Metu nubabla la gbe ma gbe, eye ame siwo nu ti kɔ na le alẽhawo me, esi wole kpɔyem la, nyae be enye Yehowa ƒe nya.
12Megblɔ na wo be, “Ne edze mia ŋu la, ekema mixe nye fe nam, gake ne medze mia ŋu o la, mitsɔe.” Ale woxe klosaloga blaetɔ̃ nam.
13Yehowa gblɔ nam be, “Tsɔe ƒu gbe ɖe zemela ŋu.” Eyae nye home gã si wosusu be mexɔ! Ale metsɔ klosaloga blaetɔ̃ la ƒu gbe ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe nudzraɖoƒe.
14Azɔ meŋe nye atikplɔ evelia si meyɔ be Ɖekawɔwɔ la, ale meŋe ɖekawɔwɔ si le Yuda kple Israel dome.
15Yehowa gblɔ nam be, “Tsɔ alẽkplɔla tsibome ƒe lãkplɔnu, 16elabena mele alẽkplɔla aɖe ɖo ge ɖe anyigba la nu si makpɔ alẽ bubuwo ta alo adi alẽviwo alo abla abi na esiwo xɔ abi alo adi nuɖuɖu na esiwo le sesĩe la o, ke boŋ aɖu alẽ nyuitɔwo ƒe lã, eye wòavuvu woƒe afɔkliwo.
17“Baba na alẽkplɔla ɖigbɔ̃ la,
ame si gblẽ alẽha la ɖi!
Yi nelã eƒe abɔ, eye wòaho eƒe ɖusimeŋku!
Eƒe abɔ nedzo ɖo agu,
eye eƒe ɖusimeŋku nagbã keŋkeŋ!”

Currently Selected:

Zekaria 11: AL

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

Video for Zekaria 11