YouVersion Logo
Search Icon

Mateo 28

28
Yesu ƒe tsitretsitsi
(Marko 16:1-8; Luka 24:1-12; Yohanes 20:1-10)
1Ke le ŋkeke si dze Dzudzɔgbe yome, si nye Kɔsiɖagbe ƒe fɔŋli me la, Maria Magdalatɔ kple Maria evelia woyi ɖe yɔdo la to.
2Kasia anyigba ʋuʋu sesĩe, elabena mawudɔla aɖe si tso Aƒetɔ la gbɔ la ɖi tso dziƒo va mli kpe gã la ɖa, eye wònɔ anyi ɖe edzi. 3Mawudɔla la ƒe mo nɔ keklẽm abe dzikedzo ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe ɖetifu ene. 4Esi dzɔlawo kpɔe la, dzidzi ƒo wo, eye womu dze anyi heku ƒenyi.
5Mawudɔla la ƒo nu na nyɔnuawo gblɔ be, “Migavɔ̃ o, elabena menya be Yesu si woklã ɖe ati ŋuti la dim miele, 6gake mele afi sia o, elabena etsi tsitre abe ale si wògblɔ da ɖi ene. Miva kpɔ afi si wokɔe mlɔ la ɖa. 7Azɔ miɖe abla miayi aɖagblɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be etsi tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòyina ɖe Galilea be miava kpe ye le afi ma. Mixɔ nye gbedeasi sia yi na wo.”
8Nyɔnuawo ƒu du dzo le yɔdo la to kple vɔvɔ̃ kple dzidzɔ. Esi wole dua dzi yina ɖe nusrɔ̃lawo di ge la, 9Yesu va kpe wo. Edo gbe na wo be, “Ŋutifafa na mi,” eye wodze klo ɖe eƒe akɔme helé eƒe afɔwo ɖe asi, eye wosubɔe. 10Yesu gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o! Miyi miagblɔ na nɔvinyewo be woadze mɔ enumake woayi ɖe Galilea, eye woado gom le afi ma.”
Asrafoawo na nutsotso
11Esi nyɔnuawo le gegem ɖe dua me la, asrafo siwo nɔ yɔdo la ŋuti dzɔm la ƒe ɖewo va nunɔlagãwo gbɔ hegblɔ nu si va dzɔ la na wo. 12Esi nunɔlagãwo kpe ta kple dumegãwo la, wode aɖaŋu, eye wotsɔ ga home gã aɖe na asrafoawo hegblɔ be, 13“Migblɔ be, ‘Eƒe nusrɔ̃lawo va le zã me, eye wofi eƒe kukua dzoe esime míenɔ alɔ̃ dɔm.’ ” 14Takpekpe la do ŋugbe be, “Nenye be mɔmefia la se nya sia la, míatsi tsitre aʋli mia ta, eye nu sia nu ayi edzi nyuie.” 15Ale asrafoawo xɔ ga la, eye wogblɔ nu si woɖo na wo be woagblɔ la. Nya la kaka ɖe Yudatɔwo dome gbẽe, eye woxɔe se va se ɖe egbegbe gɔ̃ hã.
Dɔdeasi gã la
(Marko 16:14-18; Luka 24:36-49; Yohanes 20:19-23)
16Nusrɔ̃la wuiɖekɛawo hã dze Galilea mɔ dzi, eye woyi ɖe to si dzi Yesu ɖo be yeado go wo le la dzi. 17Wokpe Yesu le afi sia, eye wosubɔe, ke wo dometɔ aɖewo meka ɖe edzi be Yesu ŋutɔe nye ema o.
18Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba la katã de asi nam, 19eya ta miyi ɖawɔ amewo le dukɔ ɖe sia ɖe me woanye nye nusrɔ̃lawo; miade mawutsi ta na wo le Fofo la, Vi la kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me. 20Miafia nu nusrɔ̃la yeye siawo be woawɔ ɖe se siwo katã mede na mi la dzi, eye kakaɖedzi nenɔ mia si ɣe sia ɣi be meli kpli mi ɣe sia ɣi va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu.”

Currently Selected:

Mateo 28: AL

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in