Mateo 22
22
Lododo le srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖo aɖe ŋuti
(Luka 14:15-24)
1Yesu gado lo bubu na ameha la gblɔ be, 2“Dziƒofiaɖuƒe la le abe fia aɖe si ɖo srɔ̃ɖekplɔ̃ gã aɖe na via ene. 3Wokpe ame geɖewo ɖe kplɔ̃ sia ŋu, eye esi nu sia nu sɔ gbe vɔ la, fia la ɖo dɔlawo ɖe ame kpekpeawo be woava, elabena ɣeyiɣi la ɖo be wɔnawo nadze egɔme, gake ame kpekpeawo katã gbe womeva o. 4Fia la gadɔ dɔla bubuwo ɖo ɖe ame kpekpeawo gbɔ kple gbedeasi sia be, ‘Mewu nye nyitsu kple lã damiwo, nuɖuɖu la bi, eya ta miva. Ame sia ame neɖe abla va.’
5“Ke esi ame kpekpeawo se nya sia la, ɖeko woko nu, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe dzo yi nu si dze eŋu la wɔ ge; ɖeka yi eƒe agble me, eye bubu yi asigbe. 6Ke ɖewo do dɔmedzoe ɖe dɔlawo ŋu, ƒo wo vevie, eye woɖi gbɔ̃ ɖewo gɔ̃ hã.
7“Fia la do dɔmedzoe, ale wòdɔ eƒe asrafowo woyi ɖawu hlɔ̃dola siawo, eye wotɔ dzo woƒe du la wòbi keŋ. 8Esia megbe la fia la gblɔ na eƒe dɔlawo be, ‘Nu sia nu sɔ gbe na ŋkeke la ɖuɖu, gake ame siwo mekpe la medze na bubu si mede wo ŋu o, 9eya ta miyi mɔtatawo dzi kple ablɔwo ƒe dzogoewo me, eye ame sia ame si miakpɔ ko la, mikpee va kplɔ̃ la ŋuti.’
10“Dɔlawo wɔ ɖe nya sia dzi, eye eteƒe medidi o, wokplɔ amewo vɛ fũu, ame nyuiwo kple ame baɖawo siaa, eye ale srɔ̃ɖekplɔ̃ la ŋu yɔ fũu kple amewo. 11Esi fia la ŋutɔ va do be yeado gbe na ame kpekpeawo la, ekpɔ ame ɖeka le wo dome si medo srɔ̃ɖewu si wotsɔ nɛ be wòado la o.
12“Fia la biae be, ‘Xɔ̃nye, aleke wɔ mèdo srɔ̃ɖewu hafi va afi sia o?’ Ke ŋutsu la ƒe nu tsi te, elabena menya nya si tututu wòagblɔ o.
13“Fia la ɖe gbe na eŋutimewo be, ‘Mibla eƒe asiwo kple afɔwo, eye miatsɔe aƒu gbe ɖe blukɔ tsiɖitsiɖi me le xexe, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ,’
14“Elabena woyɔ ame geɖewo, ke ame ʋɛ aɖewo koe nye ame siwo wotia.”
Nudzɔdzɔ na Kaisaro
(Marko 12:13-17; Luka 20:20-26)
15Esia megbe la, Farisitɔwo kpe ta, eye wode ŋugble le ale si woawɔ atsɔ biabia aɖe atre mɔ na Yesu, alée la ŋu. 16Wodɔ woƒe nusrɔ̃la aɖewo kpe ɖe Herod dunyahelawo ŋu, eye wobiae be, “Nufiala, míenyae be ame si de blibo lae nènye, eye nèfiaa Mawu ƒe mɔ le nyateƒe la nu. Amewo ƒe nyagbɔgblɔ meblea nuwò o, elabena mètsɔa ɖeke le nu si wonye la me o. 17Azɔ gblɔe na mí, nu kae nye wò susu? Ele eteƒe be woadzɔ duga na Kaisaro loo alo mele eteƒe o?”
18Ke Yesu nya nu vɔ̃ɖi si woɖo ɖe ta me, eya ta ebia wo be, “Mi alakpanuwɔlawo! Ame ka miedi be yewoatre mɔ na kple miaƒe ayebiabia sia? 19Mitsɔ kɔba aɖe si wotsɔna xea dugae la vɛ nam makpɔ.” Eye wotsɔ Roma ga ɖeka va fiae. 20Azɔ ebia wo be, “Ame ka ƒe nɔnɔmetatae le ga sia dzi, eye ame ka ƒe ŋkɔe le ete?”
21Woɖo eŋu nɛ be, “Kaisaro tɔe.”
Yesu gblɔ na wo be, “Enyo, mitsɔ nu sia nu si nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, eye miatsɔ nu sia nu si nye Mawu hã tɔ la na Mawu.”
22Esi wose eƒe ŋuɖoɖoa la, wotsi yaa, elabena ewɔ nuku na wo ŋutɔ be wòɖo nya la ŋu nyuie alea, eya ta wogblẽe ɖi hedzo.
Ame kukuwo ƒe tsitretsitsi
(Marko 12:18-27; Luka 20:27-40)
23Gake le gbe ma gbe ke la, Zadukitɔ aɖewo, ame siwo mexɔe se be ame kukuwo atsi tsitre le nuwuwua o la va egbɔ va biae be, 24“Aƒetɔ, Mose de se na mí be ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, eye medzi vi hafi ku o la, nɔvia ŋutsu naɖe ahosi la, eye wòadzi vi kplii, ale be ɖeviawo nanyi ameyinugbe la ƒe dome. 25Azɔ nɔviŋutsu adre aɖewo nɔ mia dome, woƒe tsitsitɔ ɖe srɔ̃, gake medzi vi kple nyɔnu la hafi ku o, ale eyometɔ xɔ ahosi la ɖe. 26Gake eya hã medzi vi aɖeke kple nyɔnu sia hafi ku o, eye wo nɔvi etɔ̃lia xɔ ahosi la ɖe, gake kpao, eya hã ku vimadzimadzii. Ale nɔviŋutsu adreawo katã ɖe nyɔnu sia kpɔ, gake ɖeke medzi vi kplii o. 27Mlɔeba la, nyɔnu la ŋutɔ hã va ku. 28Biabia lae nye be, ame ka tɔ nyɔnu sia azu le tsitretsitsiŋkeke la dzi? Elabena eɖe nɔvi adreawo katã kpɔ!”
29Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miewɔ vodada gã aɖe ŋutɔ, elabena mienya mawunya kple Mawu ƒe ŋusẽ o. 30Le tsitretsitsiŋkeke la dzi la, srɔ̃ɖeɖe maganɔ anyi o; amewo katã anɔ abe mawudɔla siwo le dziƒo ene. 31Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, mabia mi be miexlẽ mawunya kpɔ oa? Mienyae be miawoe Mawu nɔ nu ƒom na esi wògblɔ be, 32‘Nyee nye Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu’ oa? Eya ta minyae be Mawu la menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo ƒe Mawu wònye.”
33Yesu ƒe ŋuɖoɖo la wɔ nuku na ameha la ŋutɔ.
Se gãtɔ
(Marko 12:28-34; Luka 10:25-28)
34Ke esi Farisitɔwo se be Yesu de ga nu na Zadukitɔwo la, woƒo wo ɖokuiwo nu ƒu, 35eye wo dometɔ ɖeka, ame si nye sefiala gã aɖe la tee kpɔ hebiae be, 36“Nufiala, se kae nye gãtɔ wu le Mose ƒe seawo dome?”
37Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kple wò susu katã. 38Esiae nye se gbãtɔ kple gãtɔ wu. 39Esi gakplɔe ɖo lae nye be, nàlɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃ wò ŋutɔ ɖokuiwò ene. 40Wotu se bubuawo katã kple Nyagblɔɖilawo ƒe nyawo ɖe se eve siawo dzi.”
Kristoe nye David ƒe vi kple eƒe aƒetɔ
(Marko 12:35-37; Luka 20:41-44)
41Esia megbe la, Farisitɔwo va ƒo xlãe, eye wòbia wo be, 42“Aleke miekpɔ tso Kristo la ŋutɔ ŋu? Ame ka ƒe vie wònye?”
Woɖo eŋu nɛ be, “David ƒe vie!”
43Yesu gabia wo be, “Ne enye David ƒe vi ɖe, nu ka ta esi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va David dzi wònɔ nu ƒom la, wòyɔ Kristo la be ‘Aƒetɔ’ ɖo? Miakpɔe le mawunya me be David gblɔ be,
44“ ‘Mawu gblɔ na nye Aƒetɔ be:
“Nɔ anyi ɖe nye nuɖusime
va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo
ade wò afɔ te.” ’
45Esime David yɔ Kristo la be, ‘Aƒetɔ’ ɖe, aleke wɔ wòganye via?” 46Nyateƒe, biabia la lolo wu wo, ale womete ŋu ɖo eŋuti o. Esia megbe la, ame aɖeke medo dzi gabia nya aɖekee o.
Currently Selected:
Mateo 22: AL
Highlight
Share
Copy

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. Biblica kpɔ nutɔnyenye ƒe ŋusẽ ɖe dɔ sia dzi le se nu, le xexeame godoo.
Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Used with permission. All rights reserved worldwide.