YouVersion Logo
Search Icon

Mateo 20

20
Lododo le wainbɔ me dɔwɔlawo ŋu
1Lo bubu aɖe si Yesu do le dziƒofiaɖuƒe la ŋu lae nye esi: “Agbletɔ aɖe do go gbe ɖeka ŋdi aɖe be yeadi apaɖilawo woawɔ dɔ le yeƒe waingble me. 2Eƒo asi kple apaɖilawo, eye wolɔ̃ be wòaxe sidi wuieve na ame sia ame ŋkeke ɖeka. Ale dɔwɔlawo yi waingble la me ɖadze dɔa gɔme.
3“Le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo megbe la, ekpɔ ame aɖewo le asi me siwo menɔ dɔ aɖeke wɔm o. 4Ekplɔ woawo hã yi eƒe agble la me, eye wòdo ŋugbe na wo be yeaxe ga home si dze la na wo ne ŋkeke la wu nu. 5Le ŋdɔ ga wuieve me la, egaɖo ame bubuwo hã ɖe agble la me, eye anɔ abe ga etɔ̃ me ene la, egaɖo ame bubuwo hã ɖa nenema ke.
6“Ke esi wòƒo ɣetrɔ ga atɔ̃ la, egayi dua me, eye wògakpɔ ame aɖewo woli dɔ aɖeke mawɔmawɔe. Ebia wo be, ‘Nu ka ta mieli alea ko dɔ aɖeke mawɔmawɔe ŋkeke blibo la ɖo?’
7“Woɖo eŋu nɛ be, ‘Ame aɖeke meva tsɔ mí be míawɔ dɔ na ye o.’
“Agbletɔ la gblɔ na wo be, ‘Ekema miyi nye agble me, eye miakpe ɖe ame siwo le dɔ wɔm le afi ma la ŋu.’
8“Azɔ esi fiẽ ɖo la, agbletɔ la yɔ eƒe gadzikpɔla be neva xe fe na dɔwɔlawo, eye wòadze egɔme tso ame siwo wòɖo ɖe agble la me mamlɛa la dzi. 9Gadzikpɔla la yɔ ame siwo yi agble la me le ga atɔ̃ me la vɛ, eye wòxe ŋkeke ɖeka blibo ƒe fetu na wo dometɔ ɖe sia ɖe. 10Esia ta esi wòyɔ ame siwo va gbã la vɛ la, woawo nɔ bubum be yewoƒe fetu akɔ wu ame siwo va le ga atɔ̃ me la tɔ, gake kpao; ga home ma sinu ke ko wòxe na woawo hã.
11“Ame gbãtɔwo he nya ɖe agbletɔ la ŋu vevie gblɔ be, 12‘Ame siawo la, gaƒoƒo ɖeka pɛ ko wowɔ dɔ, ke nu ka ta woxɔ fetu wòsɔ kple mí ame siwo wɔ dɔ ŋkeke blibo la katã le ŋdɔ sesẽ nu la tɔ ɖo?’
13“Agbletɔa gblɔ na wo be, ‘Nɔviwo, nyemedze agɔ le mia dzi o; ɖe menye miawo ŋutɔe lɔ̃ be ame sia ame axɔ sidi wuieve si nye ŋkeke ɖeka ƒe fetu oa? 14Mexee na mi, eya ta mitsɔe miadzo. Nye ŋutɔe lɔ̃ xe ga home ma ke na ame sia ame. 15Ɖe mɔ meli be be ame naxe ga home si dze eŋu la na nɔvia? Ɖe wòle be miado dziku, elabena mewɔ dɔmenyoa?’ 16Esia ta gbãtɔwo azu mamlɛtɔwo eye mamlɛtɔwo azu gbãtɔwo.”
Yesu ƒo nu tso eƒe ku kple tsitretsitsi ŋu zi etɔ̃lia
(Marko 10:32-34; Luka 18:31-34)
17Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta Yerusalem, eye esi wole mɔa dzi la, eɖe kpɔ nusrɔ̃la wuieveawo, 18hegblɔ nu siwo ava dzɔ ɖe edzi nenye be woɖo Yerusalem la na wo.
Egblɔ na wo be, “Woadem asi na Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple sefialawo, eye woatso kufia nam. 19Woatsɔm ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye amewo aɖu fewu le ŋunye. Woaklãm ɖe atitsoga ŋu maku, gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mafɔ.”
Zebedeo vi eveawo ƒe didi
(Marko 10:35-45)
20Eva eme be Zebedeo ƒe vi eveawo dada va Yesu gbɔ, dze klo ɖe eƒe akɔme, eye wòbiae be wòawɔ dɔmenyo tɔxɛ aɖe na ye.
21Yesu biae be, “Nu ka dim nèle be mawɔ na wò?”
Nyɔnu la ɖo eŋu be, “Medi be nàna be vinye ŋutsuvi eve siawo nanɔ fiazikpui eve dzi le wò ɖusi kple mia me le wò fiaɖuƒe la me.”
22Yesu gblɔ nɛ be, “Mènya nu si biam nèle la o!” Azɔ etrɔ ɖe Yakobo kple Yohanes ŋu, eye wòbia wo be, “Miawo hã, miate ŋu anɔ te ɖe fu dziŋɔ si kpe ge mala kpuie la nua?”
Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míate ŋui.”
23Yesu gblɔ na wo be, “Anɔ eme be miate ŋu akpe fu dziŋɔ si kpe ge mala la, gake anyinɔnɔ ɖe nye ɖusi kple mia me ya la, ŋusẽ mele asinye be matɔ asi ame siwo anɔ afi ma la dzi o. Fofonye ŋutɔ tia ame siwo anɔ teƒe siawo la da ɖi xoxo.”
24Dɔ me ve nusrɔ̃la ewo mamlɛawo ŋutɔ esi wose nu si nɔvi eveawo, Yakobo kple Yohanes, yi ɖabia Yesu la. 25Ke Yesu yɔ wo katã ƒo ƒu ɖe eɖokui gbɔ hegblɔ na wo be, “Le dzimaxɔsetɔwo dome la, fiawo ɖua wo teviwo dzi kple asi sesẽ, eye nenema ke dɔnunɔlawo hã ɖua fia ɖe wo teviwo dzi. 26Nyemedi be nenem nu sia nanɔ miawo hã dome o. Ame si le mia dome si di be yeanye mia nunɔla la, eyae wòle be wòanye miaƒe subɔla, 27eye ame si di be yeanye gbãtɔ le mi katã dome la, eyae wòle be wòanye miaƒe subɔla anɔ dɔ tsɔm na mi. 28Ele be miaƒe nuwɔna nanɔ abe tɔnye ene, elabena Nye Amegbetɔ Vi la, nyemeva be woasubɔm o, ke boŋ ɖe meva be masubɔ amewo, eye matsɔ nye agbe ana ɖe ame geɖewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta.”
Gbedada le ŋutsu ŋkuagbãtɔ eve aɖewo ŋu
(Marko 10:46-52; Luka 18:35-43)
29Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo do go le Yeriko dua me dzo yina la, ameha gã aɖe kplɔ wo ɖo. 30Ŋkuagbãtɔ eve nɔ anyi ɖe mɔ si dzi wòto va yina la to. Esi wose be Yesu gbɔna mɔ ma dzi to ge ava yi la, wode asi ɣlidodo me bobobo nɔ gbɔgblɔm be, “Aƒetɔ, Fia David ƒe Vi, kpɔ nublanui na mí!”
31Amewo blu ɖe wo ta be woazi ɖoɖoe, gake kpao; fifi kura gɔ̃ woƒe gbe ganɔ dzi dem ɖe edzi wu be, “Aƒetɔ David vi la, kpɔ nublanui na mi.”
32Yesu tɔ, eye wòyɔ wo vɛ hebia wo be, “Nu ka miedi be mawɔ na mi?”
33Woɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, míedi be míaƒe ŋkuwo naʋu míakpɔ nu.”
34Woƒe nu wɔ nublanui na Yesu ŋutɔ, eya ta eka asi woƒe ŋkuawo ŋu. Ŋkuawo ʋu enumake, eye ameawo de asi nukpɔkpɔ me. Ale woawo hã kplɔ Yesu ɖo kple dzidzɔ gã aɖe.

Currently Selected:

Mateo 20: AL

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in