YouVersion Logo
Search Icon

1 Mose 46

46
Yakob kple eƒe ƒometɔwo ʋu va Egipte
1Ale Israel dze mɔ kple eƒe nuwo katã, eye esi wòva ɖo Beerseba la, esa vɔ na fofoa Isak ƒe Mawu.
2Le zã me la, Mawu ƒo nu na Israel le ŋutega me. Mawu yɔe be, “Yakob! Yakob!”
Yakob tɔ be, “Nyee nye esi.”
3Gbe la gblɔ be, “Nyee nye Mawu, fofowò ƒe Mawu, mègavɔ̃ na Egipte yiyi o, elabena mana nàzu dukɔ gã aɖe le afi ma. 4Mayi Egipte kpli wò, eye magakplɔ wò agbɔe godoo, eye Yosef ŋutɔ ƒe asi amia wò ŋkuwo.”
5Ale Yakob dzo le Beerseba, eye Israel ƒe viwo kɔe kple wo viwo kpakple wo srɔ̃wo ɖe tasiaɖam siwo Farao na wo la me yi Egipte. 6Wotsɔ woƒe lãwo kple nu siwo katã wokpɔ le Kanaanyigba dzi la ɖe asi yi Egipte. 7Wokplɔ Yakob kple via ŋutsuwo, via nyɔnuwo, tɔgbuiyɔvia ŋutsuwo kple tɔgbuiyɔvia nyɔnuwo siaa yi Egipte.
Israel alo Yakob ƒe dzidzimeviwo
8Israel alo Yakob ƒe viwo kple eƒe tɔgbuiyɔvi siwo yi Egipte kplii la woe nye:
Ruben, Yakob ƒe viŋutsu tsitsitɔ.
9Ruben ƒe viwo:
Hanok, Palu, Hezron kple Karmi.
10Simeon ƒe viŋutsuwo:
Yemuel, Yamin, Ohad, Yakin, Zohar kple Saul. Kanaan nyɔnu aɖee nye Saul dada.
11Levi ƒe viŋutsuwo:
Gerson, Kohat, Merari.
12Yuda ƒe viŋutsuwo:
Er, Onan, Sela, Perez, Zera. (Ke Er kple Onan ku le Kanaan do ŋgɔ na Israel ƒe ʋuʋu yi Egipte.)
Perez ƒe viŋutsuwoe nye:
Hezron kple Hamul.
13Isaka ƒe viŋutsuwo:
Tola, Puva, Yob, Simrɔn.
14Zebulon ƒe viŋutsuwo:
Sered, Elon, Yahlil.
15Esiawoe nye viŋutsu siwo Lea dzi na Yakob le Padan Aram, kpe ɖe via nyɔnuvi Dina ŋu. Viŋutsu kple vinyɔnu siawo katã le blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃.
16Gad ƒe viŋutsuwoe nye:
Zefon, Hagi, Suni, Ezbon, Eri, Arodi kple Areli.
17Aser ƒe viŋutsuwoe nye:
Imna, Isva, Isvi kple Beria. Wo nɔvinyɔnu ŋkɔe nye Sera.
Beria ƒe viŋutsuwoe nye:
Heber kple Malkiel.
18Ame wuiade siawo nye Yakob kple Zilpa, kosi si Lea fofo Laban tsɔ na Lea la ƒe viŋutsuwo.
19Esiawoe nye Yakob ƒe viŋutsu siwo srɔ̃a Rahel dzi nɛ:
Yosef kple Benyamin.
20Yosef ƒe viŋutsu siwo wòdzi le Egipte la woe nye: Manase kple Efraim. Wo dadae nye Asenat, Potifera, ame si nye nunɔla na On ƒe vinyɔnu la.
21Benyamin ƒe viŋutsuwo:
Bela, Beker, Asbel, Gera, Naaman, Ehi, Ros, Mupim, Hupim kple Ard.
22Woawoe nye viŋutsu siwo Rahel dzi na Yakob; wo katã le ame wuiene.
23Dan ƒe viŋutsue nye:
Husim.
24Naftali ƒe viŋutsuwoe nye:
Yaziel, Guni, Yezer kple Silem.
25Esiawoe nye Bilha, kosi si Laban tsɔ na via nyɔnu Rahel la ƒe viŋutsu siwo wòdzi na Yakob—wo katã le ame adre.
26Ale ame siwo katã yina Egipte, eye wonye Yakob ƒe dzidzimeviwo, ne Yakob ƒe viŋutsuwo srɔ̃wo mele eme o la, wode ame blaade-vɔ-ade. 27Ne Yosef ƒe viŋutsu eveawo kpee la, Yakob ƒe aƒemetɔwo de blaadre le Egipte.
Wona teƒe Yakob kple eƒe amewo ɖe Egipte
28Yakob na Yuda do ŋgɔ be wòagblɔ na Yosef be yewole mɔa dzi gbɔna, eye esusɔ vie yewoaɖo Gosen. Eteƒe medidi o la, woɖo Gosen. 29Yosef dzo ge ɖe eƒe tasiaɖam me, eye wòyi ɖakpe fofoa Israel le Gosen. Wokpla asi kɔ na wo nɔewo, eye wofa avi ɣeyiɣi didi aɖe.
30Israel gblɔ na Yosef be, “Azɔ la, mate ŋu aku faa, elabena megakpɔ wò agbagbee.”
31Yosef gblɔ na nɔviawo kple woƒe aƒemetɔwo katã be, “Mayi aɖagblɔ na Farao be mieva ɖo, eye mietso Kanaanyigba dzi be miava anɔ afi sia kplim. 32Mana wòanya be, ‘Ame siawo nye alẽkplɔlawo. Wova kple woƒe lãwo kple nu siwo katã le wo si la.’ 33Eya ta ne Farao yɔ mi, eye wòbia be dɔ ka miewɔna hã la, 34migblɔ nɛ be, ‘Míenye alẽkplɔlawo tso keke míaƒe ɖekakpuime ke abe ale si mía fofowo hã nye alẽkplɔlawo ene.’ Ne miegblɔ nɛ alea la, ana mianɔ Gosenyigba dzi le afi sia, elabena wodoa vlo alẽkplɔlawo, eye wolé fu wo le Egipte ƒe akpa bubuawo.”

Currently Selected:

1 Mose 46: AL

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in