YouVersion Logo
Search Icon

2 Mose Ŋgɔdonya

Ŋgɔdonya
Mose ƒe agbalẽ evelia ƒo nu tso ale si Israel va zu dukɔ kple ale si Mose zu kplɔla gã esi Mawu yɔe be wòatrɔ ayi Egipte ne wòaɖe yeƒe amewo tso kluvinyenye me woayi ŋugbedodonyigba la dzi la ŋu. Mawu na fukpekpe dziŋɔ ewo va Egiptetɔwo dzi esi Fia Farao gbe be yemaɖe asi le Israelviwo ŋu o. Woɖo Ŋutitotoŋkekenyui la gɔme anyi esime fukpekpe dziŋɔ mamlɛtɔ va Egiptenyigba dzi, eye wòzu ŋkuɖodzinu na Israelviwo. Israelviwo tso Ƒu Dzĩ la, eye woɖo ta Sinai to la gbɔ. Afi siae Mawu tsɔ Se Ewoawo na Mose le. Agbalẽa gaƒo nu tso Mawu ƒe agbadɔ la tutu ŋu. Mawu gawɔ nubabla yeye kple Israel dukɔ la.
Emenyawo
Mose dzidzi kple dzadzraɖo na eƒe dɔwɔwɔ (1:1–4:31)
Mawu ɖe Israelviwo tso Egipte (5:1–15:21)
Mɔzɔzɔ tso Egipte yi Sinai to la gbɔ (15:22–18:27)
Nubabla la kple Se la ƒe Agbalẽ (19:1–24:18)
Mawu ƒe agbadɔ la kple subɔsubɔdɔwo le agbadɔ la me (25:1–40:38)

Currently Selected:

2 Mose Ŋgɔdonya: AL

Highlight

Share

Copy

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in

YouVersion uses cookies to personalize your experience. By using our website, you accept our use of cookies as described in our Privacy Policy