1
Marko 11:24
EƲEGBE BIBLIA
Eya ta mele egblɔm na mi, be nu sia nu si miabia le gbedodoɖa me la, mixɔe se be esu mia si, ekema miaxɔe.
Compare
Explore Marko 11:24
2
Marko 11:23
Nyateƒe tututu tom mele na mi, be ame si ke agblɔ na to sia be: ‘Ho, ne nàyi aɖadze atsiaƒu me’, eye wòaxɔe ase, ɖikeke manɔmee, be nu si yegblɔ la ava eme la, ava eme nɛ.
Explore Marko 11:23
3
Marko 11:25
Azɔ ne mietsi tsitre be yewoado gbe ɖa la, mitsɔ nu si le miaƒe dzime ɖe ame sia ame ŋu la kee; ale be mia Tɔ́ si le dziƒowo la natsɔ miawo hã miaƒe dzidadawo ake mi.” [
Explore Marko 11:25
4
Marko 11:22
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Mixɔ Mawu dzi se.
Explore Marko 11:22
5
Marko 11:17
Efia nu, hegblɔ na wo be: “Menye ɖe woŋlɔe ɖi be: ‘Woayɔ nye aƒe la be dukɔwo katã ƒe gbedoɖaƒe’ oa? Ke miawo ya mietsɔe wɔ adzodalawo ƒe beɖoƒe.”
Explore Marko 11:17
6
Marko 11:9
Tete ame siwo le Yesu ŋgɔ kple esiwo le eyome la de asi ɣlidodo me le gbɔgblɔm be: “Aƒetɔ, ɖe mí loo! Woyra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ŋkɔ me!
Explore Marko 11:9
7
Marko 11:10
Woyra mía tɔ́ David ƒe dziɖuɖu si gbɔna la. Ɖeɖe wònye tso Mawu gbɔ ke!”
Explore Marko 11:10
Home
Bible
Plans
Videos