1
Mateo 13:23
EƲEGBE BIBLIA
Ke nya si ge ɖe anyigba nyui dzi lae nye ame si sea nya la, eye wòsea egɔme. Etsea ku, ɖewo alafa, ɖewo bla ade eye bubuwo bla etɔ̃.”
Compare
Explore Mateo 13:23
2
Mateo 13:22
Nya si wowu ɖe ŋuwo me la nye ame si se nya la, gake gbe sia gbe ƒe hloloetsotso kple kesinɔnu siwo blea ame la yometiti vivivo vuna tsyɔa nya la dzi, ale be metsea ku o.
Explore Mateo 13:22
3
Mateo 13:19
Ame sia ame si sea gbeƒãɖeɖe le fiaɖuƒe la ŋuti, gake mesea egɔme o la, Vɔ̃ɖitɔ la vana, eye wòhaa nu si woƒã ɖe eƒe dzime la. Eyae nye nya si wowu ɖe mɔ to la.
Explore Mateo 13:19
4
Mateo 13:20-21
Nya si wowu ɖe kpenyigba dzi la nye ame si se nya la, eye wòxɔe enumake kple dzidzɔ, ke meƒo ke ɖe to le eme o, eye menɔa anyi wòdidina le eme o. Ne fuɖeɖe alo yometiti va le nya la ta ko la, edea megbe enumake.
Explore Mateo 13:20-21
5
Mateo 13:44
“Dziƒofiaɖuƒe la ɖi kesinɔnu si woɣla ɖe agble aɖe me, eye ame aɖe fɔe gatsɔ ɣla la. Ekpɔ dzidzɔ ŋutɔ, ale wòyi ɖatsɔ nu siwo katã le esi la dzra, eye wòyi ɖaƒle agblea.”
Explore Mateo 13:44
6
Mateo 13:8
Ke hã bubuwo ge ɖe anyigba nyui dzi, eye wotse ku: ɖewo alafa, ɖewo bla ade, eye bubuwo tse bla etɔ̃.
Explore Mateo 13:8
7
Mateo 13:30
Migblẽ luawo kple gbe wuwluiawo ɖi, be wo katã natsi va se ɖe nuŋeɣi. Ekema magblɔ na nuŋelawo be woaho gbeawo gbã, abla wo ta, ta, ta, eye woatɔ dzo wo, eye emegbe la woaxa lu la, alɔ ayi ɖe nye ava me.’ ”
Explore Mateo 13:30
Home
Bible
Plans
Videos