1
Mateo 12:36-37
EƲEGBE BIBLIA
Mele egblɔm na mi be: ame sia ame ana akɔnta tso nya vlo ɖe sia ɖe si wògblɔ kpɔ ɖekematsɔlemetɔe la ŋuti le ʋɔnudrɔ̃gbe la. Elabe wò nyawo tsɔ ge woala atso afia na wòe loo, alo abu fɔ wòe.”
Compare
Explore Mateo 12:36-37
2
Mateo 12:34
Mi da ƒe dzidzimeviwo, ale ke lawɔ mi ame siwo vɔ̃ɖi la miate ŋu agblɔ nya nyuiwo? Elabe nu si yɔ ame ƒe dzime taŋ la, eyae eƒe nu gblɔna.
Explore Mateo 12:34
3
Mateo 12:35
Ame nyui hea nu nyuiwo doa go tso eƒe nu nyui dzraɖoƒe, ke ame vɔ̃ɖi hea vɔ̃ɖitɔwo doa goe tso eƒe nuvɔ̃ɖi dzraɖoƒe la.
Explore Mateo 12:35
4
Mateo 12:31
Esia ŋuti mele egblɔm na mi be woatsɔ amewo ƒe nuvɔ̃ kple busunyagbɔgblɔ ɖe sia ɖe akewo, ke ame si gblɔ busunya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋuti ya la, womatsɔe akee o.
Explore Mateo 12:31
5
Mateo 12:33
“Ne ati aɖe nyo la, eƒe tsetse hã anyo, ke ne atia menyo o la, eƒe tsetse hã manyo o. Kutsetse si ƒomevi ati aɖe tsena lae ɖea ati si ƒomevi wònye la fiana.
Explore Mateo 12:33
Home
Bible
Plans
Videos