1
Marko 9:23
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Ne ate ŋui! Amesi xɔe se la, ate ŋu awɔ nusianu.
Compare
Explore Marko 9:23
2
Marko 9:24
Enumake ɖevia fofo do ɣli gblɔ bena: Mexɔe se, xɔ na nye maxɔse la!
Explore Marko 9:24
3
Marko 9:28-29
Eye esi wòva aƒea me la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe va egbɔ biae bena: Aleke wɔ míawo miete ŋu nyae do go o mahã? Eye wògblɔ na wo bena: Esia ƒomevi la mate ŋu ado go to naneke me o, negbe to gbedodoɖa kple nutsitsidɔ me ko.
Explore Marko 9:28-29
4
Marko 9:50
Dze la nu nyui wònye; ke ne dze bu eƒe vivi la, nuka tsɔ ge míala ado vivii mahã? Mina dze naɖo mi, eye ŋutifafa nanɔ mia dome.
Explore Marko 9:50
5
Marko 9:37
Amesi ke laxɔ ɖevi siawo dometɔ ɖeka le nye ŋkɔ dzi la, nyee wòxɔ, eye amesi ke laxɔm la, menye nye wòxɔ o, ke boŋ amesi dom lae.
Explore Marko 9:37
6
Marko 9:41
Elabena amesi ke ana tsi kplu ɖeka mi be, miano le nye ŋkɔ me, esi wònye Kristo tɔ míenye ŋuti la, vava mele egblɔm na mi bena: Eƒe fetu la mele eŋu tsi ge o.
Explore Marko 9:41
7
Marko 9:42
Ke amesi ke laɖia ɖevi sue, siwo xɔa dzinye sena, dometɔ ɖeka nu la, enyo nɛ wu bena, woatso té atsi ɖe ka ne, eye woatsɔe aƒu gbe ɖe ƒu me.
Explore Marko 9:42
8
Marko 9:47
Eye ne wò ŋku ɖia nu wò la, hoe le eme; enyo na wò bena, nayi ɖe mawufiaɖuƒe la me kple ŋku ɖeka, wu esi ŋku eve nanɔe na wò, eye woatsɔ wò aƒu gbe ɖe dzomavɔʋe la me
Explore Marko 9:47
Home
Bible
Plans
Videos