1
Marko 8:35
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
Elabena amesi ke di be, yeade yeƒe agbe la, atsrɔ̃e; ke amesi atsrɔ̃ eƒe agbe le nye kple nyanyuie la ŋuti la, aɖee.
Compare
Explore Marko 8:35
2
Marko 8:36
Elabena viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã?
Explore Marko 8:36
3
Marko 8:34
Eye wòyɔ ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo bena: Amesi ke le lɔlɔ̃m bena, yeadze yonyeme la, negbe nu le ye ŋutɔ dokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe atitsoga, eye wòadze yonyeme.
Explore Marko 8:34
4
Marko 8:37-38
Alo nuka amegbetɔ atsɔ ana agaxɔ eƒe luʋɔ mahã? Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo le dzidzime wɔahasi kple dzidzime wonuvɔ̃ sia dome la, Amegbetɔvi la hã akpe ŋui, ne ava le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.
Explore Marko 8:37-38
5
Marko 8:29
Eye wòbia wo bena: Ke miawo la, ameka miegblɔna bena, menye mahã? Eye Petro ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Wòe nye Kristo la.
Explore Marko 8:29
Home
Bible
Plans
Videos