የYouVersion አርማ
የፍለጋ አዶ

Mose I 21

21
Isak dzidzi
1Aƒetɔ ve Sara nu abe ale si wògblɔ ene, eye wòwɔ eƒe ŋugbedodo la dzi nɛ. 2#Heb 11.11. Ale Sara fɔ fu, eye wòdzi viŋutsu na Abraham le eƒe amegãkuku me le ɣeyiɣi, si Mawu gblɔ ɖi xoxo la dzi. 3Abraham tsɔ ŋkɔ na ɖevi si Sara dzi nɛ la be Isak. 4#Mos I, 17.12; Dɔw 7.8. Esi ɖevia xɔ ŋkeke enyi la, Abraham tso aʋa nɛ abe ale si Mawu ɖo nɛ ene. 5Abraham xɔ ƒe alafa ɖeka esime wodzi Isak. 6Sara gblɔ be: “Mawu do nukokoe nam. Ame sia ame si ase nya sia la, aɖi kokoe nɛ.” 7Azɔ egblɔ yi edzi be: “Ame kae bui kpɔ be yeagblɔ na Abraham be, ‘Sara hã ava na no vi?’ Ke, togbɔ be wòtsi, ku amegã hã la, nyee nye esi dzi vi nɛ.”
8Isak va tsi. Gbe si gbe woɖee le no nu la, Abraham ɖo kplɔ̃ gã aɖe na amewo.
Abraham nyà Hagar kple Ismael ɖa
9Gbe ɖeka la, Sara kpɔ Egipte-nyɔnua, Hagar vi, Ismael, ame si wòdzi na Abraham la, wònɔ fefem kple via Isak. 10#Gal 4.29, 30. Ale Sara gblɔ na Abraham be: “Nyà kosi sia kple via. Elabe vinye mele dome nyi ge kple kosi sia ƒe vi o.” 11Ke nya la mesɔ na Abraham kura o, elabe Ismael hã nye via. 12#Rom 9.7; Heb 11.18. Tete Mawu gblɔ na Abraham be: “Mègana nya sia naɖe fu na wò le ɖevia kple wò kosi la ta o. Ke boŋ nya sia nya si Sara gblɔ na wò la nàɖo toe, elabe Isak me wò dzidzimeviwo ado tso. 13Mana dukɔ nado tso kosi vi la hã me, elabe eya hã viwòe.” 14Ale esi Abraham fɔ ŋdi kanya la, edi nuɖuɖu na Hagar. Eku tsi ɖe lãgbalẽgolo me wòyɔ, eye wòkɔ ɖevia kple nuawo ɖo abɔta nɛ hedo mɔe.#21.14: Gɔmeɖeɖe aɖewo gblɔ be: Abraham kpe ɖe eŋu wòkpa ɖevia ɖe me. Hagar dzo, eye wòyi ɖatsa le Beer-Seba gbegbe.
15Esi tsia vɔ la, Hagar tsɔ ɖevia mlɔ ati dodoe aɖe te, 16elabe egblɔ na eɖokui be: “Nyemate ŋu ado dzi akpɔ ɖevia kuƒe o.” Ale wòdzo yi ɖabɔbɔ nɔ adzɔge abe kpedada ɖeka ƒe didime ene tso egbɔ. Azɔ ɖevia wó avi kple ɣli. 17Ke Mawu se ŋutsuvia ƒe gbe, eye mawudɔla yɔ Hagar tso dziƒo gblɔ nɛ be: “Hagar, nu kae le wɔwòm? Mègavɔ̃ o. Mawu se ŋutsuvia ƒe gbe le afi si wòle. 18Tso nàyi ɖakɔe, eye nàlée ɖe asi, elabe mana eƒe dzidzimeviwo nazu dukɔ gã aɖe.” 19Tete Mawu ʋu Hagar ƒe ŋkuwo, eye wòkpɔ tsivudo aɖe le afi ma. Eyi ɖaku tsia ɖe lãgbalẽgolo la me wòyɔ. Ekɔe vɛ, eye wòna ɖe ɖevia wòno. 20Mawu nɔ kple ɖevia, wòtsi. Enɔ gbedadaƒo, eye wòva zu aŋutrɔdala nyui aɖe. 21Enɔ Paran-gbegbe, eye nɔa ɖe srɔ̃ nɛ tso Egipte-nyigba dzi.
Abraham bla nu kple Abimelex
22 # Mos I, 26.26. Ɣe ma ɣi la, Abimelex kple eƒe aʋakplɔla Pixol yi ɖagblɔ na Abraham be: “Mawu li kpli wò le nu sia nu si nèwɔna la me. 23Eya ta ka atam nam le Mawu ŋkume afii, fifi laa be yemable nye ŋutɔ loo, vinyewo loo, alo nye dzidzimeviwo akpɔ o. Mewɔ nuteƒe na wò va yi, eya ta ka atam nam be ye hã yeawɔ nuteƒe nam kple anyigba si dzi yeva le fifia la hã.” 24Abraham gblɔ be: “Meka atam be mawɔ nuteƒe na mi.”
25Tete Abraham ƒo nu kple Abimelex le tsivudo si Abimelex ƒe dɔlawo xɔ le esi sesẽe la ŋuti. 26Abimelex gblɔ be: “Nyemenya ame si wɔ nu sia o, mègblɔe nam kpɔ o, eye nyemese naneke tso eŋu kpɔ wu egbe o.” 27Azɔ Abraham na alẽwo kple nyiwo Abimelex, eye wo kple evea wobla nu. 28Ke Abraham ɖe alẽnɔe adrẽ ɖe vovo. 29Abimelex biae be: “Alẽnɔe adrẽ siawo, siwo nèɖe ɖe vovo la gɔme ɖe?” 30Abraham ɖo eŋu be: “Xɔ alẽnɔe adrẽ siawo. Woawoe nye kpeɖodzinu be wòe nye nye ɖasefo be nyee ɖe vudo sia.” 31Esia tae woyɔa teƒe ma be Beer-Seba#21.31: BEER-SEBA: Nya sia gɔmee nye vudo si wotsɔ do ŋugbee alo nu adrẽ ƒe vudo le Hebri-gbe me (kpɔ 26.23 hã ɖa)., elabe afi mae wo kple evea wobla nu le. 32Esi wobla nu vɔ alea le Beer-Seba la, Abimelex kple eƒe aʋakplɔla Pixol dze mɔ gatrɔ yi ɖe Filistitɔwo ƒe anyigba dzi. 33Abraham do atiwo ɖe Beer-Seba, eye wòsubɔ Aƒetɔ, Mawu Mavɔtɔ la le afi ma. 34Abraham nɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi abe amedzro ene eteƒe didi.

Currently Selected:

Mose I 21: EB14

ማድመቅ

Share

Copy

None

ያደመቋቸው ምንባቦች በሁሉም መሣሪያዎችዎ ላይ እንዲቀመጡ ይፈልጋሉ? ይመዝገቡ ወይም ይግቡ