የYouVersion አርማ
የፍለጋ አዶ

Mose I 17

17
Aʋatsotso, nubabla la ƒe dzesi
1Esi Abram xɔ ƒe bla asieke vɔ asieke la, Aƒetɔ ɖe eɖokui fiae hegblɔ nɛ be: “Nyee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ. Zɔ le ŋkunye me, eye mokaka meganɔ ŋuwò o. 2Mabla nu kpli wò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ fũu.” 3Tete Abram tsyɔ mo anyi, eye Mawu ƒo nu kplii be: 4“Kpɔ ɖa, nye nubabla li kpli wò. Àzu dukɔ geɖewo tɔgbui. 5#Rom 4.17. Womagayɔ wò be Abram azɔ o, ke boŋ wò ŋkɔ zu Abraham, elabe meɖo wò dukɔ geɖewo tɔgbui. 6Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ fũu, eye dukɔ geɖewo kple fiawo ado tso mewò. 7#Luk 1.55. Maɖo nye nubabla gɔme anyi ɖe nye kpli wò, wò dzidzimeviwo kple dzidzime bubu siwo ava dzɔ ɖe wo yome la, dome. Nye nubabla sia anɔ anyi tegbee. Manye wò Mawu kple wò dzidzimeviwo hã tɔ. 8#Dɔw 7.5. Miele anyigba sia dzi fifia abe amedzrowo ene, ke matsɔe ana wò kple wò dzidzimeviwo. Kanaan-nyigba blibo la katã anye wò kple wò dzidzimeviwo tɔ tegbee, eye manye woƒe Mawu.”
9Mawu yi edzi gblɔ na Abraham be: “Wò la, wɔ ɖe nu, si mebla kpli wò la dzi; wò ŋutɔ, viwòwo kple woƒe dzidzimeviwo katã nawɔ ɖe nubabla la dzi. 10#Dɔw 7.8; Rom 4.11. Esiae nye nye nubabla si dzi nàwɔ ɖo, si anɔ nye kpli wò kpakple wò dzidzimeviwo dome. Woatso aʋa na ŋutsu ɖe sia ɖe le mia dome. 11Mialã miaƒe aʋanuyi ɖa ne wòanye nubabla si le nye kpli miawo dome la ƒe dzesi. 12Woatso aʋa na mia dome ŋutsuvi ɖe sia ɖe si xɔ ŋkeke enyi le ƒome sia ƒome me, kluvi wònye woƒle le amedzro si o, woatso aʋa nɛ. 13Woatso aʋa na aƒevi kple kluvi siaa, ne wòanye nye nubabla ƒe dzesi le miaƒe ŋutilã ŋu tegbee. 14Ne ŋutsu aɖe li si womelã aʋanuyi nɛ o la, woneɖe bolobolotɔ ma ɖa le eƒe dukɔ dome, elabe etu nye nubabla la.”
15Mawu gagblɔ na Abraham be: “Mègayɔ srɔ̃wò be Sarai azɔ o. Sara anye eŋkɔ. 16Mayrae, eye mana viŋutsui wòadzi na wò. Mayrae ne wòava zu dukɔwo kple dukɔ dziɖulawo dada.” 17Abraham tsyɔ mo anyi, eye wòko nu hegblɔ le susu me be: “Ɖe ŋutsu si xɔ ƒe alafa ɖeka sɔŋ la ate ŋu adzi via? Ɖe Sara si xɔ ƒe bla asieke la ate ŋu adzi via?” 18Ebia Mawu be: “Ale ke wɔ màna Ismael natsi agbe anɔ anyi le ŋkuwò me ko oa?” 19Ke Mawu gblɔ be: “Ao! Srɔ̃wò Sara le ŋutsuvi dzi ge na wò, eye nàyɔe be Isak. Mawɔ nye nubabla la dzi na eya kple eƒe dzidzimeviwo tegbee. 20Ke le Ismael tɔ gome la, mese wò nyawo. Kpɔ ɖa, mayra eya hã; mana wòadzi viwo, eye eƒe dzidzimeviwo asɔ gbɔ fũu ŋutɔ. Ava nye tɔ́ na fia wui eve, eye mana eƒe dzidzimeviwo nanye dukɔ gã aɖe. 21Ke mabla nu kple viwò Isak, ame si Sara adzi na wò ƒe si gbɔna ƒe ɣe alewo ɣi la.”
22Esi Mawu ƒo nu kple Abraham vɔ la, edzo yi dzi le egbɔ. 23Gbe ma gbe ke la, Abraham lã aʋanuyi na Ismael kple ŋutsu ɖe sia ɖe si wodzi le eƒeme kpakple esiwo katã wòƒle kple ga la. Etso aʋa na wo abe ale si Mawu gblɔ nɛ la ene. 24Abraham xɔ ƒe bla asieke vɔ asieke hafi wotso aʋa nɛ, 25eye via Ismael hã xɔ ƒe wui ene. 26Ŋkeke ɖeka dzie wotso aʋa na wo kple eve la. 27Wotsoe na ŋutsuwo katã le eƒeme; esiwo wodzi ɖe aƒea me kple esiwo wòƒle kple ga le amedzrowo si la siaa.

Currently Selected:

Mose I 17: EB14

ማድመቅ

Share

Copy

None

ያደመቋቸው ምንባቦች በሁሉም መሣሪያዎችዎ ላይ እንዲቀመጡ ይፈልጋሉ? ይመዝገቡ ወይም ይግቡ