የYouVersion አርማ
የፍለጋ አዶ

Mose I 14

14
Fiawo ƒe aʋawɔwɔ.
1Eye wòva me le ŋkeke mawo me bena, Amrafel, Sinear-fia, Ariok, Elasar-fia, Kedorlaomer, Elam-fia kple Tideal, Goyim-fia, 2wova wɔa aʋa kple Bera, Sodom-fia, Birsa, Gomora-fia, Sineab, Adma-fia, Semeber, Zeboyim-fia, kple Bela- alo Zoar-fia. 3Nenem me siawo katã bla nu va Sidim-gbadzaƒe, afisi Dzeƒu le azɔ. 4Fe wuieve sɔŋ wosubɔ Kedorlaomer; ke le ƒe wuietɔ̃lia me la wodze aglã. 5Le ƒe wuienelia me Kedorlaomer kple fia, siwo kpe ɖe eŋuti la, va si Refaitɔwo le Astarot-Kamayim, Zuzitɔwo le Ham, Emitɔwo le Kiryatayim-gbadzaƒe 6kple Xoritɔwo le woƒe to Seir dzi vaseɖe El-Paran, si te ɖe gbedzi lɔƒo. 7Emegbe wòtrɔ va En-Mispat, si enye Kades, eye wòsi Amalekitɔwo katã kple Amoritɔ, siwo nɔ Xazazon-Tamar la hã. 8Tete Sodom-fia, Gomora-fia, Adma-fia, Zeboyim-fia kple Bela-alo Zoar-fia woho, eye wodze aʋa ɖe Sidim-gbadzaƒe 9ɖe Kedorlaomer, Elam-fia, Tideal, Goyim-fia, Amrafel, Sinear-fia, kple Ariok, Elasar-fia ŋuti; fia ene tsitre ɖe fia atɔ̃ ŋuti. 10Ke aŋɔʋe geɖewo le Sidim-gbadzaƒe la. Esi Sodom-kple Gomora-fia wòsi la, woge ɖe wo me; ke ame mamleawo si yi to dzi. 11Eye woha Sodom kple Gomoratɔwo ƒe kesinɔnuwo kple nuɖuɖuwo katã hedzoe. 12Eye wole Lot, Abram ƒe tɔgãyovi, amesi nɔ Sodom hã, eye woha eƒe kesinɔnuwo dzoe.
Abram ɖe Lot.
13Tete amea ɖe si va gblɔe na Hebritɔ Abram, si le Amoritɔ Mamre, Eskol kple Aner nɔvi ƒe ali gãwo te la. Ame siawoe bia nu kple Abram. 14Azɔ esi Abram se bena, woɖe aboyo nɔvia la, eɖe eƒemevi alafa etɔ̃ kple wuienyi, amesiwo nya aʋawɔwɔ la, eye wòti wo yome vaseɖe Dan. 15Eye eya ŋutɔ kple eƒe ameawo dze aʋa va fiti wo le zã me hesi wo, eye wonyã wo vaseɖe Xoba le Damasko ƒe anyiehe. 16Eye wògaxɔ kesinɔnuawo katã kple nɔvia Lot hã le wo si hekpe ɖe eƒe kesinɔnuawo, nyɔnuawo kple ameha la ŋuti. 17Azɔ esi woɖu Kedorlaomer kple fia, siwo kpe ɖe eŋuti dzi hetrɔ gbɔna va aƒe la, Sodom-fia va kpee le Sawebali me, si woyɔna be fiabali me la me.
Melxizedek yra Abram.
18Ke Melxizedek, Salem-fia, tsɔ abolo kple wein vɛ; ame sia enye Mawu dziƒoʋitɔ ƒe nunɔla. 19Eye wòyrae gblɔ bena Mawu dziƒoʋitɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba, nayra Abram! 20Eye woakafu Mawu dziƒoʋĩtɔ, si tso wò futɔwo ɖe asi na wò la! Tete Abram tso nuawo katã ƒe ewolia ne. 21Eye Sodom-fia gblɔ na Abram bena: Tsɔ ameawo nam, ne kesinɔnuawo nasusɔ na wò! 22Ke Abram gblɔ na Sodom-fia bena. Meta Yehowa, Mawu dziƒoʋitɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba la 23bena, nyemaxɔ naneke atso nusiwo katã nye tɔwo la me o, ka loo, alo atokotaka gɔ̃ hã o, bena nagagblɔ bena, yee wɔ Abram wòzu kesinɔtɔ o! 24Nyemele naneke dim o, negbe nusi ɖekakpuiawo ɖu, kple ŋutsu, siwo yi kplim, Aner, Eskol kple Mamre ƒe gome la ko woawo naxɔ wo tɔ gome.

Currently Selected:

Mose I 14: EWERV

ማድመቅ

Share

Copy

None

ያደመቋቸው ምንባቦች በሁሉም መሣሪያዎችዎ ላይ እንዲቀመጡ ይፈልጋሉ? ይመዝገቡ ወይም ይግቡ