1
Luka 6:38
Agbenya La
Mina nu, eye woana nu miawo hã. Nu siwo katã miena la, woatrɔ wo vɛ na mi woasɔ gbɔ agbã go sãa wu esi sinu miena, eye woatsɔe aɖo akɔ na mi. Dzidzenu si mietsɔ dzidze nui na amewo la, eya kee woatsɔ dzidze nui na miawo hã.”
對照
探尋 Luka 6:38
2
Luka 6:45
Ame nyui ƒe nuƒo fiana be nu nyui wɔwɔ yɔ eƒe dzi me. Ke ame vɔ̃ɖi ya ƒe dzi me yɔna fũu kple nu vɔ̃, eye eƒe nuƒo ɖea vɔ̃ɖivɔ̃ɖi sia fiana.
探尋 Luka 6:45
3
Luka 6:35
“Milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwɔ dɔmenyo na wo. Mido nu na wo, eye migakpɔ mɔ na exɔxɔ o. Ne miewɔ esia la, ekema miaƒe fetu asɔ gbɔ le dziƒo, eye mianye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viwo elabena eya ŋutɔ nyoa dɔme na akpemadalawo kple tagbɔ sesẽ tɔwo hã.
探尋 Luka 6:35
4
Luka 6:36
“Mizu nublanuikpɔlawo abe ale si mia Fofo hã nye nublanuikpɔla ene.
探尋 Luka 6:36
5
Luka 6:37
“Migadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖeke, eye Mawu hã nadrɔ̃ ʋɔnu mi o. Migabu fɔ ame aɖeke, eye Mawu hã nabu fɔ mi o. Mitsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo ke wo, eye Mawu hã natsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi.
探尋 Luka 6:37
6
Luka 6:27-28
“Ke mi ame siwo le to ɖom la, mele egblɔm na mi be: Milɔ̃ miaƒe futɔwo, eye miawɔ nyui na ame siwo lé fu mi la. Miyra ame siwo ƒo fi de mi la, eye mido gbe ɖa ɖe ame siwo wɔa fu mi la ta.
探尋 Luka 6:27-28
7
Luka 6:31
Ale si tututu nèdina be amewo newɔ na ye la, wò hã wɔ na wo nenema.
探尋 Luka 6:31
8
Luka 6:29-30
“Nenye be ame aɖe ƒo wò tome ɖeka la, trɔ evelia hã nɛ wòaƒo! Nenye be ame aɖe tsɔ wò dziwui la, mègagbe wò awutewuitsɔtsɔ nɛ o. Ne nu le asiwò, eye ame aɖe bia wò la, nae eye mègabia be netrɔe vɛ na ye o.
探尋 Luka 6:29-30
9
Luka 6:43
“Ati nyui aɖeke mate ŋu atse ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo mate ŋu atse ku nyui o.
探尋 Luka 6:43
10
Luka 6:44
Ku si ati aɖe tsena lae wotsɔna dzea si ati si ƒomevi wònye lae; elabena womegbea gbowo le ŋutiwo dzi o, alo wotsoa wainkpo le ŋuve me.
探尋 Luka 6:44
首頁
聖經
計畫
視訊