1
Luka 12:40
Agbenya La
Eya ta minɔ ŋudzɔ ɣeawo katã ɣi elabena, Nye, Amegbetɔ Vi la, mava le gaƒoƒo si me ame aɖeke manɔ mɔ kpɔm nam o.”
對照
探尋 Luka 12:40
2
Luka 12:31
Ke boŋ midi eƒe fiaɖuƒe la, eye woatsɔ nu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.”
探尋 Luka 12:31
3
Luka 12:15
Eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ nyuie! Milé be na mia ɖokui tso ŋukeklẽ ŋuti, elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.”
探尋 Luka 12:15
4
Luka 12:34
Afi si miaƒe kesinɔnuwo le la, afi ma miaƒe dzi hã anɔ.
探尋 Luka 12:34
5
Luka 12:25
Hekpe ɖe esia ŋu la, mia dometɔ ka ate ŋu ato dzitsitsi me atsɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ akpe ɖe eƒe agbe ŋu?
探尋 Luka 12:25
6
Luka 12:22
Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu, eye wògblɔ na wo be, “Le esia ta la, mele egblɔm na mi be, migatsi dzi le nu si miaɖu hena agbenɔnɔ alo nudodo siwo miaƒe ŋutilã hiã ŋu o
探尋 Luka 12:22
7
Luka 12:7
Miaƒe taɖa katã gɔ̃ hã ƒe xexlẽme le nyanya me na Mawu. Migavɔ̃ o, elabena miexɔ asi na Mawu tsɔ wu atsutsrɔewo.
探尋 Luka 12:7
8
Luka 12:32
Eya ta migavɔ̃ o, mi alẽha sue sia, elabena edzɔ dzi na mia Fofo si le dziƒo la ŋutɔ be wòatsɔ fiaɖuƒe la na mi.
探尋 Luka 12:32
9
Luka 12:24
Mikpɔ akpaviãwo ɖa, womeƒã nu o, womeŋea nu o, eye ava ɖeka hã mele wo si be woadzra nuɖuɖu ɖo ɖe eme o, gake wokpɔa woƒe gbe sia gbe nuɖuɖu, elabena Mawu ŋutɔ naa nuɖuɖu wo. Evɔ miawo la, miele vevie na Mawu wu xeviwo katã!
探尋 Luka 12:24
10
Luka 12:29
Gawu la, migaɖe fu na mia ɖokuiwo le nuɖuɖu kple nunono ŋuti o, migana esia nakplɔ mi ade nuxaxa me o. Mawu ana wo mi.
探尋 Luka 12:29
11
Luka 12:28
Nenye be Mawu ɖoa atsyɔ̃ na gbe le gbedzi, gbe si nɔa anyi egbe, eye wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzo me etsɔ la, ɖe mate ŋu aɖo atsyɔ̃ na mi sãa wu gbe siawo oa? O, mi xɔse ʋɛ tɔwo!
探尋 Luka 12:28
12
Luka 12:2
Ava dze go abe ale si nuʋãnu nana be abolomɔ hona ɖe dzi hlodzoo ene.
探尋 Luka 12:2
首頁
聖經
計畫
視訊