1
Mose I 32:28
EƲEGBE BIBLIA
Ŋutsua gblɔ nɛ be: “Womagayɔ wò be Yakob azɔ o; ke boŋ woayɔ wò be Israel elabe ète kame kple Mawu gate kame kple ame hã eye nèɖu dzi.”
Thelekisa
Phonononga Mose I 32:28
2
Mose I 32:26
Ŋutsua gblɔ be: “Ɖe asi le ŋunye madzo; ŋu le kekem!” Ke Yakob ɖo eŋu nɛ be: “Nyemele asi ɖe ge le ŋuwò o; negbe ɖeko nàyram hafi.”
Phonononga Mose I 32:26
3
Mose I 32:24
Ke eya ɖeɖe tsi megbe. Tete ŋutsu aɖe va te kame kplii ʋuu va se ɖe fɔŋli.
Phonononga Mose I 32:24
4
Mose I 32:30
Yakob gblɔ be: “Mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume, gake metsi agbe.” Ale wòtsɔ ŋkɔ na teƒe ma be Peniel.
Phonononga Mose I 32:30
5
Mose I 32:25
Esi ŋutsua kpɔ be yemete ŋu ɖu Yakob dzi o la, etɔ asi eƒe aligo, eye eƒe aligokpeƒe ɖɔli.
Phonononga Mose I 32:25
6
Mose I 32:27
Ŋutsua biae be: “Ŋkɔwò ɖe?” Eɖo eŋu be: “Yakob.”
Phonononga Mose I 32:27
7
Mose I 32:29
Yakob xɔ edzi be: “Meɖe kuku, yɔ wò ŋkɔ nam.” Ke ŋutsua ɖo eŋu be: “Nu ka ta nèdi be yeanya nye ŋkɔ?” Tete wòyra Yakob.
Phonononga Mose I 32:29
8
Mose I 32:10
Èlɔ̃m vevie, eye nèwɔa nuteƒe na nye, wò dɔla ɣe sia ɣi, evɔ nyemedze hafi o. Atizɔti koe nɔ asinye metsɔ tsò Yordan-tɔsisi siae; ke azɔ la, megbɔ va kple asaɖa eve.
Phonononga Mose I 32:10
9
Mose I 32:32
Esi wònye lãkusi sesẽ si le aligokpeƒee ame la tɔ asii na Yakob ta la, va se ɖe egbe Israelviwo meɖua lã ƒe akpa ma o.
Phonononga Mose I 32:32
10
Mose I 32:9
Yakob gblɔ be: “Tɔgbuinye Abraham ƒe Mawu kple tɔ́nye Isak ƒe Mawu, Aƒetɔ, wòe gblɔ nam be: ‘Trɔ yi mia denyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ, eye mawɔ nyui na wò.’
Phonononga Mose I 32:9
11
Mose I 32:11
Meɖe kuku na wò, ɖem tso nɔvinye Esau si me. Mele evɔ̃m ŋutɔ. Ne menye nenema o la, ava sim, atsrɔ̃ vi nɔwo kple wo viwo gɔ̃ hã.
Phonononga Mose I 32:11
Home
Bible
Plans
Videos