1
Yohanes 1:12
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Ke ame siwo katã xɔe, eye woxɔ edzi se la, ena ŋusẽ wo be woazu Mawu viwo.
موازنہ
تلاش Yohanes 1:12
2
Yohanes 1:1
Le gɔmedzedzea me la, Nya la li. Eye Nya la li kple Mawu, eye Nya la nye Mawu.
تلاش Yohanes 1:1
3
Yohanes 1:5
Kekeli la klẽna ɖe viviti me, ke viviti la mete ŋu tsii kpɔ o.
تلاش Yohanes 1:5
4
Yohanes 1:14
Nya la va zu amegbetɔ henɔ mía dome, eye amenuvenu kple nyateƒe yɔe taŋ. Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe. Ŋutikɔkɔe si wòxɔ abe Tɔ́ la Vi ɖeka hɔ̃ la ene la.
تلاش Yohanes 1:14
5
Yohanes 1:3-4
Wowɔ nuwo katã to Eyama dzi. Eye Eya manɔmee la, womewɔ naneke o. Nya la me agbe dzɔ tso, eye agbe siae he kekeli vɛ na amegbetɔ.
تلاش Yohanes 1:3-4
6
Yohanes 1:29
Esi ŋu ke eye Yohanes kpɔ Yesu wògbɔna ɖe egbɔ la, egblɔ be: “Mikpɔ, Mawu ƒe Alẽvi si tsɔ xexea me ƒe nuvɔ̃ yina lae nye esi!
تلاش Yohanes 1:29
7
Yohanes 1:10-11
Kekeli sia le xexea me, eye eya dzie woto wɔ xexea me. Ke xexea me medze sii o. Eva eya ŋutɔ wo de, ke wo detɔwo mexɔe o.
تلاش Yohanes 1:10-11
8
Yohanes 1:9
Kekeli vavãtɔ, si klẽna na ame sia ame la gbɔna xexea me.
تلاش Yohanes 1:9
9
Yohanes 1:17
Elabe Mose dzie se la to va, ke amenuveve kple nyateƒe la la, Yesu Kristo dzie woto va.
تلاش Yohanes 1:17
صفحہ اول
بائبل
مطالعاتی منصوبہ
Videos