1
Mose I 17:1
EƲEGBE BIBLIA
Esi Abram xɔ ƒe bla asieke vɔ asieke la, Aƒetɔ ɖe eɖokui fiae hegblɔ nɛ be: “Nyee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ. Zɔ le ŋkunye me, eye mokaka meganɔ ŋuwò o.
موازنہ
تلاش Mose I 17:1
2
Mose I 17:5
Womagayɔ wò be Abram azɔ o, ke boŋ wò ŋkɔ zu Abraham, elabe meɖo wò dukɔ geɖewo tɔgbui.
تلاش Mose I 17:5
3
Mose I 17:7
Maɖo nye nubabla gɔme anyi ɖe nye kpli wò, wò dzidzimeviwo kple dzidzime bubu siwo ava dzɔ ɖe wo yome la, dome. Nye nubabla sia anɔ anyi tegbee. Manye wò Mawu kple wò dzidzimeviwo hã tɔ.
تلاش Mose I 17:7
4
Mose I 17:4
“Kpɔ ɖa, nye nubabla li kpli wò. Àzu dukɔ geɖewo tɔgbui.
تلاش Mose I 17:4
5
Mose I 17:19
Ke Mawu gblɔ be: “Ao! Srɔ̃wò Sara le ŋutsuvi dzi ge na wò, eye nàyɔe be Isak. Mawɔ nye nubabla la dzi na eya kple eƒe dzidzimeviwo tegbee.
تلاش Mose I 17:19
6
Mose I 17:8
Miele anyigba sia dzi fifia abe amedzrowo ene, ke matsɔe ana wò kple wò dzidzimeviwo. Kanaan-nyigba blibo la katã anye wò kple wò dzidzimeviwo tɔ tegbee, eye manye woƒe Mawu.”
تلاش Mose I 17:8
7
Mose I 17:17
Abraham tsyɔ mo anyi, eye wòko nu hegblɔ le susu me be: “Ɖe ŋutsu si xɔ ƒe alafa ɖeka sɔŋ la ate ŋu adzi via? Ɖe Sara si xɔ ƒe bla asieke la ate ŋu adzi via?”
تلاش Mose I 17:17
8
Mose I 17:15
Mawu gagblɔ na Abraham be: “Mègayɔ srɔ̃wò be Sarai azɔ o. Sara anye eŋkɔ.
تلاش Mose I 17:15
9
Mose I 17:11
Mialã miaƒe aʋanuyi ɖa ne wòanye nubabla si le nye kpli miawo dome la ƒe dzesi.
تلاش Mose I 17:11
10
Mose I 17:21
Ke mabla nu kple viwò Isak, ame si Sara adzi na wò ƒe si gbɔna ƒe ɣe alewo ɣi la.”
تلاش Mose I 17:21
11
Mose I 17:12-13
Woatso aʋa na mia dome ŋutsuvi ɖe sia ɖe si xɔ ŋkeke enyi le ƒome sia ƒome me, kluvi wònye woƒle le amedzro si o, woatso aʋa nɛ. Woatso aʋa na aƒevi kple kluvi siaa, ne wòanye nye nubabla ƒe dzesi le miaƒe ŋutilã ŋu tegbee.
تلاش Mose I 17:12-13
صفحہ اول
بائبل
مطالعاتی منصوبہ
Videos