1
Yohanes 1:12
Agbenya La
Ke ame siwo katã xɔe, eye woxɔ eƒe ŋkɔ dzi se la, ena ŋusẽ wo be woazu Mawu ƒe viwo
Karşılaştır
Yohanes 1:12 keşfedin
2
Yohanes 1:1
Le gɔmedzedzea me la, Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya lae nye Mawu.
Yohanes 1:1 keşfedin
3
Yohanes 1:5
Kekeli la klẽ ɖe viviti me, eye viviti la mete ŋu ɖu edzi o.
Yohanes 1:5 keşfedin
4
Yohanes 1:14
Nya la trɔ zu ŋutilã va nɔ mía dome, eye eƒe agbe yɔ fũu kple amenuveve kple nyateƒe la. Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe si nye Mawu, Fofo la ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la tɔ.
Yohanes 1:14 keşfedin
5
Yohanes 1:3-4
To eya me wowɔ nuwo katã, eye eya manɔmee la, womewɔ naneke si wowɔ la o. Eya me agbe le, eye agbe siae nye amegbetɔwo ƒe kekeli.
Yohanes 1:3-4 keşfedin
6
Yohanes 1:29
Esi ŋu ke la, Yohanes kpɔ Yesu wògbɔna egbɔ, ale wòdo ɣli gblɔ be, “Mikpɔ ɖa! Mawu ƒe Alẽvi si le xexe sia me ƒe nu vɔ̃wo ɖem ɖa lae nye ekem!
Yohanes 1:29 keşfedin
7
Yohanes 1:10-11
Enɔ xexea me, gake xexea me mekpɔe dze sii o, evɔ eya dzi woto wɔ xexea me. Eva eya ŋutɔ tɔwo gbɔ, gake eya ŋutɔ ƒe amewo mexɔe o.
Yohanes 1:10-11 keşfedin
8
Yohanes 1:9
Kekeli vavã si klẽna na amewo katã la gbɔna va xexea me.
Yohanes 1:9 keşfedin
9
Yohanes 1:17
Se la to Mose dzi va, ke Yesu Kristo ya tsɔ amenuveve kple nyateƒe la vɛ.
Yohanes 1:17 keşfedin
Ana Sayfa
Kutsal Kitap
Okuma Planları
Videolar