Luka 4:9-12
Luka 4:9-12 AL
Azɔ Abosam gakplɔe yi Yerusalem, eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ la ƒe kɔkɔƒe kekeake. Egblɔ nɛ be, “Nenye Mawu vie nènye vavã la, ti kpo tso afi sia. Elabena woŋlɔ ɖi be, “ ‘Ade se na eƒe dɔlawo le ŋutiwò be woakpɔ tawò nyuie woatsɔ wò ɖe woƒe asiwo me, ale be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.’ ” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be, ‘Mègate Mawu wò Aƒetɔ la kpɔ o.’ ”