Luka 3:4-6
Luka 3:4-6 AL
Abe ale si woŋlɔe le Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyagblɔɖigbalẽ me ene be, “Ame si le ɣli dom tso gbea dzi ƒe gbee nye esi, ‘Miɖe mɔ na Yehowa be wòazɔ edzi! Miwɔ eƒe mɔwo dzɔdzɔe. Balimewo katã akɔ kpo, eye woabɔbɔ to kple togbɛ ɖe sia ɖe ɖe anyi. Mixe ʋe siwo le baliwo me! Miwɔ mɔ gɔglɔ̃wo woadzɔ! Miwɔ mɔ tsakliwo zɔzrɔ̃e. Ekema amegbetɔƒomea katã akpɔ ɖeɖe si Mawu ɖo ɖa la.’ ”