1
Mose I 17:1
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
Esi Abram xɔ ƒe blaasieke vɔ asieke la, Yehowa ɖe eɖokui fia Abram, eye wògblɔ nɛ bena: Nye enye Mawu ŋusẽkatãtɔ; zɔ le ŋkunye me, eye nazu blibo!
Compare
Mose I 17:1ਪੜਚੋਲ ਕਰੋ
2
Mose I 17:5
Eyata womagayɔ wò bena Abram akpɔ o, ke boŋ Abraham anye wò ŋkɔ. Elabena meɖo wò dukɔ geɖewo fofoe.
Mose I 17:5ਪੜਚੋਲ ਕਰੋ
3
Mose I 17:7
Eye maɖo nye nubabla anyi le mía kpli wò kple megbewòviwo katã dome, eye wòanye nubabla mavɔ, bena manye wò ŋutɔ kple megbewòviwo ƒe Mawu tegbee.
Mose I 17:7ਪੜਚੋਲ ਕਰੋ
4
Mose I 17:4
Kpɔ ɖa, mebia nu kpli wò, eye nazu dukɔ geɖewo fofo.
Mose I 17:4ਪੜਚੋਲ ਕਰੋ
5
Mose I 17:19
Tete Mawu gblɔ bena: Nyateƒe! Srɔ̃wò Sara adzi ŋutsuvi na wò, eye nayɔ eƒe ŋkɔ bena Isak, eye mabia nu kple eya kpakple emegbeviwo tegbee.
Mose I 17:19ਪੜਚੋਲ ਕਰੋ
6
Mose I 17:8
Eye matsɔ Kanaan-nyigba blibo la katã, si dzi nènye amedzro le la, na wò, be wòanye wò ŋutɔ kple megbewòviwo tɔ tegbee, eye manye Mawu na wo.
Mose I 17:8ਪੜਚੋਲ ਕਰੋ
7
Mose I 17:17
Tete Abraham tsyɔ mo anyi, eye wòko nu, elabena esusu le eƒe ta me bena: Alo ɖe wòadzi vi na ŋutsu, si xɔ ƒe alafa ɖeka laa? Alo ɖe Sara, si xɔ ƒe blaasieke la, agate ŋu adzi vi mahã?
Mose I 17:17ਪੜਚੋਲ ਕਰੋ
8
Mose I 17:15
Eye Mawu gagblɔ na Abraham bena: Megayɔ srɔ̃wò Sarai bena Sarai azɔ o, ke boŋ Sara anye eƒe ŋkɔ.
Mose I 17:15ਪੜਚੋਲ ਕਰੋ
9
Mose I 17:11
Woaɖe miaƒe aʋanuyiwo ɖa, eye esia anye mia kple mia dome nubabla la ƒe dzesi.
Mose I 17:11ਪੜਚੋਲ ਕਰੋ
10
Mose I 17:21
Ke mabia nu kple Isak, amesi Sara adzi na wò le ƒe, si gbɔna ƒe woalèwoɣi la.
Mose I 17:21ਪੜਚੋਲ ਕਰੋ
11
Mose I 17:12-13
Ne ŋutsuvia ɖe xɔ ŋkeke enyi le miaƒe ƒome sia ƒome me la, woatso aʋa nɛ; eɖanye aƒevi alo ame ƒeƒle, si menye tɔwò dzidzia o. Woatso aʋa na aƒevi kple kluvi siaa, eye wòanye nye nubabla ƒe dzesi le miaƒe ŋutilã ŋu tegbee.
Mose I 17:12-13ਪੜਚੋਲ ਕਰੋ
Home
ਬਾਈਬਲ
Plans
ਵੀਡੀਓ