1
Marko 14:36
Agbenya La
Egblɔ be, “Aba, Fofo, nu sia nu wɔwɔ le bɔbɔe na wò. Na kplu sia nato nunye ayi, ke menye nu si nye ŋutɔ medi o, ke boŋ wò lɔlɔ̃nu nava eme.”
Compare
Marko 14:36ਪੜਚੋਲ ਕਰੋ
2
Marko 14:38
Minɔ ŋudzɔ, eye miado gbe ɖa be miage ɖe tetekpɔ me o. Gbɔgbɔ la le klalo, gake ŋutilã ya gbɔdzɔ.”
Marko 14:38ਪੜਚੋਲ ਕਰੋ
3
Marko 14:9
Vavã mele egblɔm na mi be dɔ nyui si nyɔnu sia wɔ la mabu akpɔ o, afi sia afi si woagblɔ mawunya le, le xexe sia me godoo la, woagblɔ nu nyui si wòwɔ eye woakafui.”
Marko 14:9ਪੜਚੋਲ ਕਰੋ
4
Marko 14:34
Egblɔ na nusrɔ̃la etɔ̃awo be, “Nuxaxa te ɖe nye luʋɔ dzi ale gbegbe be ɖeko wòwɔ abe ɖe mele kukum ene. Minɔ afi sia mianɔ ŋudzɔ kplim.”
Marko 14:34ਪੜਚੋਲ ਕਰੋ
5
Marko 14:22
Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi, da akpe ɖe eta eye wòŋe eme hetsɔe na nusrɔ̃lawo gblɔ be, “Mixɔe ɖu, esiae nye nye ŋutilã.”
Marko 14:22ਪੜਚੋਲ ਕਰੋ
6
Marko 14:23-24
Etsɔ wainkplu la heda akpe ɖe eta, eye wòtsɔe na wo eye wo katã wonoe le enu. Egblɔ na wo be, “Esiae nye nye ʋu, si wotsɔ tre nubabla yeye la nui. Esi wokɔ ɖe anyi ɖe ame geɖewo ta.
Marko 14:23-24ਪੜਚੋਲ ਕਰੋ
7
Marko 14:27
Yesu gblɔ na wo be, “Mi katã miele nu gbe ge le gbɔnye, elabena Mawu gblɔ to eƒe gbeƒãɖelawo dzi be, “ ‘Mele alẽkplɔla la ƒo ge, eye alẽawo akaka gbẽe.’
Marko 14:27ਪੜਚੋਲ ਕਰੋ
8
Marko 14:42
Mitso mídzo! Mikpɔ ɖa, ame si le denye ge asi lae nye ema gbɔna!”
Marko 14:42ਪੜਚੋਲ ਕਰੋ
9
Marko 14:30
Yesu gblɔ nɛ be, “Petro, nyateƒe gblɔm mele na wò be, hafi koklo naku atɔ zi eve etsɔ fɔŋli la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”
Marko 14:30ਪੜਚੋਲ ਕਰੋ
Home
ਬਾਈਬਲ
Plans
ਵੀਡੀਓ