Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Se siae nye esi gblɔ be, ‘Israel see! Aƒetɔ mía Mawu la, Aƒetɔ ɖeka hɔ̃ɔ ko wònye. Eya ta lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ katã.’ Se eveliae nye, ‘Lɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃a ɖokuiwòe ene.’ Le nyateƒe me la, Se bubu aɖeke megali si le vevie wu esiawo o.”