1
Yohanes 4:24
Agbenya La
Mawu nye Gbɔgbɔ, eye ame siwo le esubɔm la, ele be woasubɔe le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.”
Bandingkan
Selidiki Yohanes 4:24
2
Yohanes 4:23
Gake ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye wòde azɔ be nyateƒe subɔsubɔwɔlawo woasubɔ Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me, elabena Fofo la dia subɔla siawo tɔgbi.
Selidiki Yohanes 4:23
3
Yohanes 4:14
Le nyateƒe me la, tsi si manae la azu agbetsi, anɔ sisim le eme si ahe agbe mavɔ vɛ.”
Selidiki Yohanes 4:14
4
Yohanes 4:10
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne ɖe nènya Mawu ƒe nunana kple ame si ƒomevi le tsi biam wò la, anye ne èbiae, eye wòana agbetsi wò.”
Selidiki Yohanes 4:10
5
Yohanes 4:34
Yesu gblɔ na wo be, “Nye nuɖuɖue nye be mawɔ Mawu, ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu dɔ si wòdɔm la wɔwɔ nu.
Selidiki Yohanes 4:34
6
Yohanes 4:11
Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, vudo sia goglo, eye tsikunu mele asiwò be nàtsɔ aku tsii le eme o. Afi ka nèle agbetsi la kpɔ ge le?
Selidiki Yohanes 4:11
7
Yohanes 4:25-26
Nyɔnu la ɖo eŋu nɛ be, “Menya be Mesia” (si woyɔna be Kristo la) “le vava ge. Ne eva la aɖe nu sia nu gɔme na mí.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nyee.”
Selidiki Yohanes 4:25-26
8
Yohanes 4:29
“Miva kpɔ ŋutsu aɖe si gblɔ nu siwo katã mewɔ kpɔ la nam ɖa. Ɖe manye eyae nye Kristo la oa?”
Selidiki Yohanes 4:29
Halaman Utama
Alkitab
Pelan
Video