1
1 Mose 32:28
Agbenya La
Ŋutsu la gblɔ nɛ be, “Womagayɔ wò azɔ nenema o! Woayɔ wò azɔ be Israel, ame si te kame kple Mawu. Esi nète kame kple Mawu ta la, àɖu amewo dzi.”
तुलना करा
एक्सप्लोर करा 1 Mose 32:28
2
1 Mose 32:26
Tete ŋutsu la gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le ŋunye mayi, elabena ŋu le kekem.” Ke Yakob ɖo eŋu be, “Nyemele asi ɖe ge le ŋuwò o, negbe ɖeko nàyram hafi.”
एक्सप्लोर करा 1 Mose 32:26
3
1 Mose 32:24
Yakob trɔ va asaɖa la me, eye eya ɖeka nɔ afi ma. Ŋutsu aɖe te kame kplii va se ɖe fɔŋli.
एक्सप्लोर करा 1 Mose 32:24
4
1 Mose 32:30
Yakob na ŋkɔ teƒea be “Peniel” si gɔmee nye “Mawu ƒe ŋkume,” elabena egblɔ be, “Mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume, gake metsi agbe.”
एक्सप्लोर करा 1 Mose 32:30
5
1 Mose 32:25
Esi ŋutsu la kpɔ be yemate ŋu aɖu Yakob dzi o la, etɔ asi Yakob ƒe aligo, eye ƒuawo gli le enu.
एक्सप्लोर करा 1 Mose 32:25
6
1 Mose 32:27
Ŋutsu la biae be, “Ŋkɔwò ɖe?” Eɖo eŋu be, “Yakob.”
एक्सप्लोर करा 1 Mose 32:27
7
1 Mose 32:29
Yakob biae be, “Wò hã ŋkɔwò ɖe?” Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Nu ka ta nèbia ŋkɔnye ta ɖo.” Eye wòyrae le afi ma.
एक्सप्लोर करा 1 Mose 32:29
8
1 Mose 32:10
nyemedze na wò amenuveve si nèɖena fiaam edziedzi abe ale si nèdo ŋugbe nam ene o, elabena esi metso Yɔdan la, naneke menɔ asinye wu atizɔti ɖeka o! Ke azɔ la, mezu aʋakɔ eve!
एक्सप्लोर करा 1 Mose 32:10
9
1 Mose 32:32
Esia ta Israelviwo meɖua ka titri si to lãwo ƒe aligo dzi o, elabena wotɔ asi ka si le Yakob ƒe aligokpeƒe la dzi.
एक्सप्लोर करा 1 Mose 32:32
10
1 Mose 32:9
Tete Yakob do gbe ɖa be “O, tɔgbuinye Abraham kple fofonye Isak ƒe Mawu, O, Yehowa, wò ame si gblɔ nam be matrɔ va nye ƒometɔwo ƒe anyigba dzi, eye nèdo ŋugbe be yeawɔ nyui nam la
एक्सप्लोर करा 1 Mose 32:9
11
1 Mose 32:11
O, Yehowa, meɖe kuku na wò, ɖem tso tsɔtsrɔ̃ me le fonye Esau ƒe asi me, elabena mele vɔvɔ̃m ŋutɔ be ava ho aʋa ɖe nye ŋutɔ, srɔ̃nyewo kple vinyewo ŋu.
एक्सप्लोर करा 1 Mose 32:11
मुख्य
बायबल
योजना
व्हिडिओ