1
Luka 13:24
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
Miʋli be, miayi ɖe agbo bii la me, elabena mele egblɔm na mi bena: Ame geɖewo ladi be, wòayi ɖe eme, eye womate ŋui o.
Харьцуулах
Luka 13:24 г судлах
2
Luka 13:11-12
Eye kpɔ ɖa, nyɔnua ɖe, si me dɔléamegbɔgbɔa de le ƒe wuienyi, eye wòxa godã, eye metea ŋu koa eɖokui de dzi kulẽ o la, le afima. Eye esi Yesu kpoe la, eyae va egbe, eye wògblɔ ne bena: Nyɔnu, wotu wò tso wò dɔléle la me!
Luka 13:11-12 г судлах
3
Luka 13:13
Tete wòtsɔ eƒe asiwò do edzi, eye wòdzo enumake, eye wòkafu Mawu.
Luka 13:13 г судлах
4
Luka 13:30
Eye kpɔ ɖa, mlɔetɔwo li, siwo azu gbãtɔwo, eye gbãtɔwo li, siwo azu mlɔetɔwo.
Luka 13:30 г судлах
5
Luka 13:25
Tso esia dzi, ne aƒetɔ la tsi tre, eye wòtu ʋɔa, eye ne míetsi tre ɖe egodo, de asi ʋɔtrua ƒoƒo me gblɔ bena: Aƒetɔ, Aƒetɔ, nui na mí la, axɔ dzi agblɔ na mi bena: Nyemenya mi, afisi mietso o
Luka 13:25 г судлах
6
Luka 13:5
Gbeɖe, ke boŋ mele egblɔm na mi bena: Ne mietrɔ le miaƒe dzi me o la, mi katã miatsrɔ̃ nenema ke.
Luka 13:5 г судлах
7
Luka 13:27
Eye wòagblɔ bena: Mele egblɔm na mi bena: Nyemenya mi, afisi mietso o; mite ɖa le gbɔnye, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo katã!
Luka 13:27 г судлах
8
Luka 13:18-19
Eye wògblɔ bena: Nuka mawufiaɖuƒe la ɖi, eye nuka ŋu matsɔe aɖo mahã? Eɖi logoku, si amea ɖe tso ƒã ɖe eƒe abɔ me, eye wòtsi zu ati, eye dziƒoxeviwo va wɔ atɔ ɖe eƒe siawo me.
Luka 13:18-19 г судлах
Нүүр хуудас
Библи
Тѳлѳвлѳгѳѳ
Видео