1
Marko 5:34
EƲEGBE BIBLIA
Yesu gblɔ nɛ be: “Vinye nyɔnuvi, wò xɔse da gbe le ŋuwò. Heyi le ŋutifafa me. Wò dɔléle la nevɔ.”
Salīdzināt
Izpēti Marko 5:34
2
Marko 5:25-26
Nyɔnu aɖe hã nɔ ameawo dome, si nɔ ʋusísidɔ lém ƒe wui eve sɔŋ. Ekpe fu ŋutɔ le gbedala geɖewo si me, eye wògblẽ nu siwo katã le esi la; gake dɔléle la meka ɖe eme nɛ o; ke boŋ ɖeko wògado gã ɖe edzi wu tsã.
Izpēti Marko 5:25-26
3
Marko 5:29
Esi wòka asi Yesu ƒe awu ŋuti teti ko la, ʋusísi la nu tso, eye wòse le lã me be woda gbe le ye ŋu.
Izpēti Marko 5:29
4
Marko 5:41
Elé ɖevia ƒe alɔnu hegblɔ nɛ be: “Ɖetugbi, fɔ!” si wogblɔna le Hebri-gbe me be: “Talita kum.”
Izpēti Marko 5:41
5
Marko 5:35-36
Esi Yesu gale nu ƒom la, du tso ƒuƒoƒemegã la ƒe aƒeme va be nyɔnuvi la ku, eya ta amegã la megaxa fu ɖe na Nufiala la o. Yesu se nya si gblɔm wole dzaa na amegã la, eye wògblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ o, xɔ se ko.”
Izpēti Marko 5:35-36
6
Marko 5:8-9
Egblɔ nya siawo elabe Yesu gblɔ nɛ be: “Wò gbɔgbɔ makɔmakɔ, do go le eme!” Yesu biae be: “Ŋkɔwò ɖe?” Eɖo eŋu nɛ be: “Ŋkɔnyee nye ‘Akpeakpewo’ elabe míesɔ gbɔ ale gbegbe.”
Izpēti Marko 5:8-9
Mājas
Bībele
Plāni
Video