1
Marko 14:36
EƲEGBE BIBLIA
Egblɔ be: “Tɔ́nye lɔlɔ̃tɔ, àte ŋu awɔ nu sia nu; ɖe fukpekpekplu sia ɖa tso gbɔnye; ke menye nu si nye ŋutɔ medi la o, ke boŋ nu si wò nèlɔ̃ la neva eme.”
Salīdzināt
Izpēti Marko 14:36
2
Marko 14:38
Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa be miagadze tetekpɔ me o. Gbɔgbɔ la le klalo, gake ŋutilã la ya gbɔdzɔ.”
Izpēti Marko 14:38
3
Marko 14:9
Mele egblɔm na mi le nyateƒe me, be xexeme ƒe afi sia afi si woaɖe gbeƒã Nyanyui la le la, woaƒo nu le nu si nyɔnu sia wɔ la hã ŋuti atsɔ aɖo ŋku edzii.”
Izpēti Marko 14:9
4
Marko 14:34
Egblɔ na wo be: “Nuxaxa yɔ nye ame blibo la me ale gbegbe be mebe maku gɔ̃. Minɔ afii eye minɔ ŋudzɔ.”
Izpēti Marko 14:34
5
Marko 14:22
Esi wole nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo, eye esi wòda akpe ɖe eta la, ekae eye wòtsɔe na nusrɔ̃laawo gblɔ be: “Mixɔe ɖu, esia nye nye ŋutilã.”
Izpēti Marko 14:22
6
Marko 14:23-24
Etsɔ wainkplu, eye esi wòda akpe to gbedodoɖa me ɖe eta la, etsɔe na wo eye wo katã wono wain le enu. Egblɔ na wo be: “Nye nubabla ƒe ʋu, si le kɔkɔ ge ɖe anyi ɖe ame geɖewo ta hena nuvɔ̃wo tsɔtsɔke.
Izpēti Marko 14:23-24
7
Marko 14:27
Yesu gblɔ na wo be: “Mi katã miele nuɖiaɖia kpɔ ge le ŋunye étò ƒe zã sia me. Elabe woŋlɔe ɖi be: ‘Mele alẽkplɔla la wu ge eye aleãwo katã laka ahlẽ.’
Izpēti Marko 14:27
8
Marko 14:42
Mifɔ, mina míadzo! Kpɔ ɖa, ame si le yonyeme mɔ fiam la gogo!”
Izpēti Marko 14:42
9
Marko 14:30
Yesu gblɔ nɛ be: “Mele egblɔm na wò le nyateƒe me be le zã sia me, hafi koklo naku atɔ zi eve la, àgbe nu le gbɔnye zigbɔzi etɔ̃.”
Izpēti Marko 14:30
Mājas
Bībele
Plāni
Video