1
Mose I 22:14
EƲEGBE BIBLIA
Ale Abraham na ŋkɔ teƒe ma be: “Aƒetɔ ye naa nu.” Eya ta wogblɔna va se ɖe egbegbe be: “To dzie Aƒetɔ naa nu le.”
Salīdzināt
Izpēti Mose I 22:14
2
Mose I 22:2
Mawu gblɔ nɛ be: “Kplɔ Isak, viwò ɖeka hɔ̃ la, si gbɔ melɔ̃a nu le o la, yi ɖe Moria-nyigba dzi, eye nàtsɔe mè nu le to aɖe si mafia wò la dzi.
Izpēti Mose I 22:2
3
Mose I 22:12
Egblɔ nɛ be: “Mègaka asi ɖevia ŋu o; mègawɔ nu vevi aɖeke hãe o. Menyae azɔ be mawuvɔ̃la nènye, elabe mète viwò ɖeka hɔ̃ lam o.”
Izpēti Mose I 22:12
4
Mose I 22:8
Abraham ɖo eŋu be: “Vinye, Mawu ŋutɔ ana alẽvi si míatsɔ amè nui.” Ale wo kple eve la gaɖo ta ŋgɔ.
Izpēti Mose I 22:8
5
Mose I 22:17-18
mayra wò ale gbegbe, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene. Wò dzidzimeviwo axɔ woƒe futɔwo ƒe duwo. Esi nèwɔ nye gbe dzi ta la, woayra anyigba dzi dukɔwo katã to wò dzidzimeviwo dzi.”
Izpēti Mose I 22:17-18
6
Mose I 22:1
Esiawo megbe la, Mawu do Abraham kpɔ. Eyɔe be: “Abraham!”, eye wòtɔ be: “Nyee nye esi!”
Izpēti Mose I 22:1
7
Mose I 22:11
Ke Aƒetɔ ƒe dɔla yɔe tso dziƒo be: “Abraham! Abraham!” Etɔ be: “Nyee nye esi!”
Izpēti Mose I 22:11
8
Mose I 22:15-16
Aƒetɔ ƒe dɔla yɔ Abraham zi evelia tso dziƒo, eye wògblɔ be: “Metà ɖokuinye, esi nèwɔ nu sia, eye mète viwò ɖeka hɔ̃ lam o ta la
Izpēti Mose I 22:15-16
9
Mose I 22:9
Esi woɖo teƒe si Mawu fiae la, Abraham ɖi vɔsamlekpui, eye wòɖo nake la ɖe edzi. Ebla Isak, kɔe da ɖe nakea dzi le mlekpuia dzi.
Izpēti Mose I 22:9
Mājas
Bībele
Plāni
Video