1
Mose I 22:14
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
Eye Abraham yɔ teƒe ma bena: Afisi Yehowa ɖe eɖokui fia le. Eyata wogblɔna vaseɖe egbegbe bena: Le to dzi, afisi Yehowa ɖea eɖokui fiana le.
Salīdzināt
Izpēti Mose I 22:14
2
Mose I 22:2
Eye wògblɔ nɛ bena: Kplɔ Isak, wò tenuvi, si gbɔ mèlɔ̃a nu lena o la, yi ɖe Moria-nyigba dzi, eye natsɔe amè nui le afima le vɔsamlekpui dzi le toa ɖe, si mafia wò la dzi!
Izpēti Mose I 22:2
3
Mose I 22:12
Eye wògblɔ bena: Megaka asi ɖevi la ŋu o, eye megawɔ nanekee o! Menyae azɔ bena, èvɔ̃a Mawu, elabena mete wò tenuvi lam o.
Izpēti Mose I 22:12
4
Mose I 22:8
Abraham xɔ edzi bena: Vinye, Mawu ŋutɔ aɖi alẽ miatsɔ amè nui. Eye wo kpakple eve wogayi ŋgɔ.
Izpēti Mose I 22:8
5
Mose I 22:17-18
eyata mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene, eye wò dzidzimeviwo atsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee. To wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le, elabena èɖo to nye gbe.
Izpēti Mose I 22:17-18
6
Mose I 22:1
Le nya siawo megbe la Mawu do Abraham kpɔ, eye wògblɔ nɛ bena: Abraham! Eɖo ŋu nɛ bena: Nye enye si!
Izpēti Mose I 22:1
7
Mose I 22:11
Tete Yehowa ƒe dɔla yɔe tso dziƒo gblɔ bena: Abraham, Abraham! Eye wòtɔ bena: Nye enye si!
Izpēti Mose I 22:11
8
Mose I 22:15-16
Eye Yehowa ƒe dɔla gayɔ Abraham zi evelia tso dziƒo hegblɔ bena: Mefa ɖokuinye, elabena esi nèwɔ nu sia, eye mete wò tenuvi ɖeka lam o la
Izpēti Mose I 22:15-16
9
Mose I 22:9
Esi woɖo teƒe, si Mawu gblɔ nɛ la, Abraham ɖi vɔsamlekpui, eye wòtɔ nakeawo ɖo edzi; emegbe la ebla via Isak, eye wòkɔe mlɔ nake, siwo le vɔsamlekpuia dzi la dzi.
Izpēti Mose I 22:9
Mājas
Bībele
Plāni
Video