1
Mose I 4:7
EƲEGBE BIBLIA
Ne èwɔ nyui la, ɖe womakpɔ ŋudzedze le ŋuwò oa? Evɔ ne mèwɔ nyui o la, nuvɔ̃ de xa ɖe wò ʋɔtru nu. Edi be yeaɖu dziwò, ke wò la, ele be nàɖu edzi.”
Palyginti
Naršyti Mose I 4:7
2
Mose I 4:26
Wodzi viŋutsu na Set hã, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Enos. Ɣe ma ɣi mee amewo dze gbedodoɖa gɔme na Aƒetɔ.
Naršyti Mose I 4:26
3
Mose I 4:9
Aƒetɔ bia Kain be: “Nɔviwò Abel ɖe?” Eɖo eŋu be: “Nyemenya o. Nɔvinye dzikpɔla menyea?”
Naršyti Mose I 4:9
4
Mose I 4:10
Tete Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, nɔviwò ƒe ʋu le ɣli dom le anyigba dzi le yɔyem.
Naršyti Mose I 4:10
5
Mose I 4:15
Ke Aƒetɔ ɖo eŋu nɛ be: “Mele nenema o. Ame sia ame si wu Kain la, woabia hlɔ̃e zigbɔzi adrẽ.” Ale Aƒetɔ de dzesi tɔxɛ Kain ŋu be, ne ame aɖe kpɔe la, mawui o.
Naršyti Mose I 4:15
Pradžia
Biblija
Planai
Vaizdo įrašai