Mose I 35
35
Mawu yra Yakob le Betel
1 #
Mos I, 28.11-17. Mawu gblɔ na Yakob be: “Tso, nàʋu ayi Betel nàɖanɔ afi ma. Nàɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Mawu, si ɖe eɖokui fia wò esime nèsí dzo yina le nɔviwò Esau nu.” 2Ale Yakob gblɔ na eƒemetɔwo kple ame siwo katã le egbɔ la be: “Mitsɔ mawu bubu siwo le mia si la ƒu gbe; mikɔ mia ɖokui ŋu, eye miɖɔli awu siwo le mia ŋu la. 3Mina míaʋu ayi Betel ne maɖaɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Mawu si kpe ɖe ŋunye le nye xaxa me, eye wònɔ kplim le afi sia afi si mede la.” 4Ale wotsɔ mawu bubu siwo katã le wo si kple woƒe togɛ siwo le woƒe to me la na Yakob, eye Yakob ɖi wo ɖe ati gã si le Sixem gbɔ la te.
5Esime wodze mɔ yina la, Mawu na vɔvɔ̃ ɖo du siwo ƒo xlã wo la ale gbegbe be wometi Yakob viawo yome o. 6Yakob kple eŋumewo katã va ɖo Luz, si nye Betel, le Kanaan-nyigba dzi. 7Eɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma, eye wòyɔ teƒea be ‘Betel ƒe Mawu’ elabe afi mae Mawu ɖe eɖokui fiae le, esime wòsí le nɔvia Esau nu yina. 8Azɔ Debora, ame si kpɔ Rebeka dzi le ɖevime la, ku, eye woɖii ɖe logoti gã aɖe te le Betel ƒe anyigbeme. Ale wòna ŋkɔ afi ma be “Konyifalogoti.”
9Esime Yakob gbɔ tso Padan-Aram la, Mawu gaɖe eɖokui fiae, eye wòyrae. 10#Mos I, 32.28. Mawu gblɔ nɛ be: “Ŋkɔwòe nye Yakob, ke tso fifia dzi heyina la, woayɔ wò be Israel.” Ale Israel zu ŋkɔ nɛ. 11#Mos I, 17.4-8. Mawu gblɔ nɛ be: “Nyee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ. Mana nàdzi asɔ gbɔ fũu. Dukɔ, dukɔwo ado tso mewò, eye fiawo adzɔ tso wò dzidzimeviwo me. 12Anyigba si metsɔ na Abraham kple Isak la, matsɔe ana wò, eye matsɔe ana wò dzidzimevi siwo ava ɖe yowòme la hã.” 13Azɔ Mawu dzo le egbɔ le afi si wòƒo nu kplii le la heyi dzi. 14#Mos I, 28.18, 19. Tete Yakob tu ŋkuɖodzikpe ɖe afi si Mawu ƒo nu kplii le la tsɔ de dzesi teƒea. Ekɔ wain ɖe edzi, eye wòkɔ ami hã ɖe dzi. 15Yakob na ŋkɔ teƒe ma si Mawu ƒo nu nɛ le la be Betel.
Raxel ƒe ku
16Azɔ Yakob kple etɔwo dze mɔ tso Betel yina. Esi wogogo Efrat la, Raxel de asi kuléle me, ke via dzidzi sesẽ nɛ. 17Esi via dzidzi nye dɔ nɛ la, vixela la gblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ o; ŋutsuvi dzi ge nègale.” 18Nu té Raxel ŋu vɔ, eye wòkpɔ be yemele agbe tsi ge o. Ale wòna ŋkɔ ɖevia be Benoni#35.18: BENONI: Ŋkɔ sia gɔmee nye nye vevesese viŋutsu le Hebri-gbe me. Ke tɔ́a ya yɔe be Benyamin.#35.18: BENYAMIN: Ŋkɔ sia gɔmee nye nye nuɖusi viŋutsu le Hebri-gbe me. 19Esi Raxel ku la, woɖii ɖe mɔ si ɖo ta Efrat, si woyɔna be Betlehem, la to. 20Yakob tu ŋkuɖodzikpe ɖe eƒe yɔdo dzi si woyɔna be Raxel ƒe yɔdodzikpe va se ɖe egbe. 21Emegbe Israel yi eƒe mɔzɔzɔ dzi, eye wòva tu agbadɔ ɖe Eder gbetakpɔmɔ́ godo.
Yakob viŋutsuwo
(Kron I, 2.1-2)
22 #
Mos I, 49.4. Esime Israel le nuto ma me la, Ruben de asi Bilha si nye tɔ́a ƒe ahiãvi ŋu, eye Israel see.
Azɔ viŋutsuvi wui evee nɔ Yakob si. 23Lea viŋutsuwoe nye: Ruben, ame si nye Yakob ƒe ŋgɔgbevi, Simeon, Levi, Yuda, Isaxar kple Zebulon. 24Raxel viŋutsuwoe nye Yosef kple Benyamin. 25Raxel ƒe kosi Bilha viŋutsuwoe nye Dan kple Naftali. 26Lea ƒe kosi Silpa ƒe viŋutsuwo nye Gad kple Aser. Esiawoe nye viŋutsuvi siwo wodzi na Yakob le Padan-Aram.
Isak ƒe ku
27 #
Mos I, 13.18. Yakob va tɔ́a Isak gbɔ le Mamre le Kiryat-Arba si yɔm wole egbe be Xebron, afi si Abraham kple Isak nɔ kpɔ la. 28Isak nɔ agbe ƒe alafa ɖeka bla enyi. 29Isak ku esime wòtsi xɔ ƒè geɖee, eye wòzu amegãɖeɖi belibeli hafi yi tɔgbuiawo gbɔ. Via ŋutsuwo, Esau kple Yakob, ɖii.
Currently Selected:
Mose I 35: EB14
Tya elembo
Kabola
Copy

Olingi kobomba makomi na yo wapi otye elembo na baapareyi na yo nyonso? Kota to mpe Komisa nkombo
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.