1
Mose I 45:5
EƲEGBE BIBLIA
Gake migaxa nu o, eye megave mi kura be yewoe dzram, wokplɔ va afii o, elabe Mawu ɖe wòɖom ɖe mia ŋgɔ be mava xɔ amewo ɖe agbe.
Kokisana
Luka Mose I 45:5
2
Mose I 45:8
Menye miawoe dɔm ɖe afii o; ke boŋ Mawue. Eyae tsɔm wɔ fia la ƒe adaŋudela vevi, eye nyee kpɔa eƒe aƒe dzi, ganye Egipte-nyigba blibo la dziɖula.
Luka Mose I 45:8
3
Mose I 45:7
Ke Mawu dɔm ɖe mia ŋgɔ, be ame ʋɛ aɖe natsi agbe le anyigba sia dzi na mi, eye ame geɖe natsi agbe na mi.
Luka Mose I 45:7
4
Mose I 45:4
Yosef gblɔ na wo be: “Kpɔ ɖa, mite va gbɔnye.” Esi wote ɖe eŋu la, egblɔ na wo be: “Nyee nye mia nɔvi Yosef. Nyee miedzra ɖo ɖe Egipte.
Luka Mose I 45:4
5
Mose I 45:6
Azɔ la, ƒè eve koe nye esi dɔ to le anyigba dzi; egasusɔ ƒè atɔ̃ sɔŋ si me amewo mate ŋu agade agble alo aŋe nu o.
Luka Mose I 45:6
6
Mose I 45:3
Yosef gblɔ na nɔviawo be: “Nyee nye Yosef! Tɔ́nye gale agbea?” Ke esi nɔviawo se nyaa la, wolulu, eye gbɔgblɔ bu ɖe wo.
Luka Mose I 45:3
Ndako
Biblia
Bibongiseli
Bavideo