1
Mose I 35:11-12
EƲEGBE BIBLIA
Mawu gblɔ nɛ be: “Nyee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ. Mana nàdzi asɔ gbɔ fũu. Dukɔ, dukɔwo ado tso mewò, eye fiawo adzɔ tso wò dzidzimeviwo me. Anyigba si metsɔ na Abraham kple Isak la, matsɔe ana wò, eye matsɔe ana wò dzidzimevi siwo ava ɖe yowòme la hã.”
Kokisana
Luka Mose I 35:11-12
2
Mose I 35:3
Mina míaʋu ayi Betel ne maɖaɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Mawu si kpe ɖe ŋunye le nye xaxa me, eye wònɔ kplim le afi sia afi si mede la.”
Luka Mose I 35:3
3
Mose I 35:10
Mawu gblɔ nɛ be: “Ŋkɔwòe nye Yakob, ke tso fifia dzi heyina la, woayɔ wò be Israel.” Ale Israel zu ŋkɔ nɛ.
Luka Mose I 35:10
4
Mose I 35:2
Ale Yakob gblɔ na eƒemetɔwo kple ame siwo katã le egbɔ la be: “Mitsɔ mawu bubu siwo le mia si la ƒu gbe; mikɔ mia ɖokui ŋu, eye miɖɔli awu siwo le mia ŋu la.
Luka Mose I 35:2
5
Mose I 35:1
Mawu gblɔ na Yakob be: “Tso, nàʋu ayi Betel nàɖanɔ afi ma. Nàɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Mawu, si ɖe eɖokui fia wò esime nèsí dzo yina le nɔviwò Esau nu.”
Luka Mose I 35:1
6
Mose I 35:18
Nu té Raxel ŋu vɔ, eye wòkpɔ be yemele agbe tsi ge o. Ale wòna ŋkɔ ɖevia be Benoni Ke tɔ́a ya yɔe be Benyamin.
Luka Mose I 35:18
Ndako
Biblia
Bibongiseli
Bavideo