1
Mose II 2:24-25
EƲEGBE BIBLIA
Mawu se woƒe ŋèŋe eye wòɖo ŋku nu, si wòbla kple Abraham, Isak kple Yakob la dzi. Mawu trɔ kɔ kpɔ Israelviwo eye wònya nu si nɔ dzɔdzɔm ɖe wo dzi.
Kokisana
Luka Mose II 2:24-25
2
Mose II 2:23
Le ƒè geɖee megbe la, Egipte-fia va ku. Israelviwo nɔ ŋèŋem le woƒe kluvikɔkuti sesẽ la te. Wodo ɣli, eye Mawu se woƒe ɣlidodo la.
Luka Mose II 2:23
3
Mose II 2:10
wòɖakpɔ edzi. Esi ɖevia tsi la, ekplɔe vɛ na Egipte Fiagã vinyɔnu la. Exɔe wɔ viae, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Mose hegblɔ be: “Elabe tɔ mee meɖee tsoe.
Luka Mose II 2:10
4
Mose II 2:9
Fiavinyɔnua gblɔ nɛ be: “Xɔ ɖevi sia nàna noe nam. Maxe fe na wò.” Nyɔnua kɔ vidzĩa dzoe, eye
Luka Mose II 2:9
5
Mose II 2:5
Egipte Fiagã vinyɔnu va tsi le ge le tɔsisia me. Enɔ tsia lem eye eƒe subɔlawo nɔ tsa ɖim le tɔa to. Kasia eƒe ŋku kle kusia le aƒlaawo me ɖaa, eye wòna eƒe dɔlanyɔnu yi ɖatsɔe vɛ.
Luka Mose II 2:5
6
Mose II 2:11-12
Esi Mose va tsi la, eɖi tsa yi nɔvia Hebritɔwo gbɔ gbe ɖeka, eye wòkpɔ wo wole woƒe dzizizidɔawo wɔm. Tete wòkpɔ Egiptetɔ aɖe wòle Hebritɔ aɖe ƒom. Mose tsa ŋku, tsa ŋku, eye esi mekpɔ ame aɖeke o la, eƒo Egiptetɔ la wu, eye wòlɔ ke ƒo ɖe edzi.
Luka Mose II 2:11-12
Ndako
Biblia
Bibongiseli
Bavideo