1
Yohanes 3:16
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
EWERV
Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.
Konpare
Eksplore Yohanes 3:16
2
Yohanes 3:17
Elabena Mawu medo via ɖe xexeame, be woadrɔ̃ ʋɔnu xexeame o; ke boŋ be woaɖe xexeame to eyama dzi.
Eksplore Yohanes 3:17
3
Yohanes 3:3
Yesu xɔ dzi, eye wògblɔ nɛ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Ne womedzi ame tso dziƒo o la, mate ŋu akpa mawufiaɖuƒe la akpɔ o.
Eksplore Yohanes 3:3
4
Yohanes 3:18
Amesi xɔa edzi sena la, womadrɔ̃ ʋɔnui o; ke amesi mexɔa edzi sena o la, wòdra ʋɔnui xoxo; elabena mexɔ Mawu ƒe Tenuvi ƒe ŋkɔa dzi se o.
Eksplore Yohanes 3:18
5
Yohanes 3:19
Ke esiae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la bena, kekeli va xexeame, eye amewo lɔ̃a viviti la wu kekeli la: elabena woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi.
Eksplore Yohanes 3:19
6
Yohanes 3:30
Eyama latsi de edzi tsã; ke nye la mayi to.
Eksplore Yohanes 3:30
7
Yohanes 3:20
Elabena amesiame, si wɔa nu vlo la, léa fu kekeli la, eye meva kekeli la gbɔ o, bena woagahe adãnya ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu o.
Eksplore Yohanes 3:20
8
Yohanes 3:36
Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia eyama dzi.
Eksplore Yohanes 3:36
9
Yohanes 3:14
Eye abe alesi Mose kɔ da la ɖe dzi le gbeadzi ene la, nenema ke woakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi tsã
Eksplore Yohanes 3:14
10
Yohanes 3:35
Fofo la lɔ̃a Via, eye wòtso nuwo katã de esi me.
Eksplore Yohanes 3:35
Akèy
Bib
Plan yo
Videyo