1
Luka 10:19
Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913
Kpɔ ɖa, mena ŋusẽ mi be, míado afɔ dawo kple dzidegbewo kpakple ketɔ la ƒe ŋusẽ katã dzi, eye naneke meli, si awɔ vɔ̃ mi gbeɖe o.
Comparar
Explorar Luka 10:19
2
Luka 10:41-42
Ke Aƒetɔ la xɔ edzi gblɔ nɛ bena: Marta, Marta, èle agbagba dzem, eye nèle fu ɖem na ɖokuiwò le nu geɖewo ŋuti, ke nu ɖeka koe le vevie; elabena Maria lia nyuia gome, si womele xɔxɔ ge le esi o.
Explorar Luka 10:41-42
3
Luka 10:27
Eye wòɖo ŋu nɛ bena: Nalɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ blibo kple wò tamesusu blibo, kpakple hawòvi, abe alesi nèlɔ̃a wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.
Explorar Luka 10:27
4
Luka 10:2
Eye wògblɔ na wo bena: Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, ke dɔwɔlawo meɖe ha o; eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe la ƒe Aƒetɔ bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.
Explorar Luka 10:2
5
Luka 10:36-37
Ame etɔ̃ siawo dome la kae nèsusu be, ezu havi na amesi dze adzodalawo si me mahã? Eye wògblɔ bena: Amesi kpɔ nublanui nɛ lae. Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Heyi, eye nawɔ nenema ke.
Explorar Luka 10:36-37
6
Luka 10:3
Miheyi! Kpɔ ɖa, mele mia dɔm abe alẽviwo ene ɖo ɖe amegãxiwo dome.
Explorar Luka 10:3
Inicio
Biblia
Planes
Vídeos