1
Marko 2:17
EƲEGBE BIBLIA
Esi Yesu se nya sia la, eɖo eŋu na wo be: “Lãmesesẽtɔwo mehiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe hiãe. Nyemeva be mayɔ ame dzɔdzɔewo o; nuvɔ̃wɔlawo boŋ yɔ ge meva.”
Compare
Explore Marko 2:17
2
Marko 2:5
Esi Yesu kpɔ ameawo ƒe xɔse la, egblɔ na lãmetututɔ la be: “Vinye, wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò.”
Explore Marko 2:5
3
Marko 2:27
Eyi edzi gblɔ na wo be: “Amegbetɔ tae woɖo Dzudzɔgbe anyi ɖo; menye Dzudzɔgbe tae wowɔ amegbetɔ o
Explore Marko 2:27
4
Marko 2:4
Le ameha la ta la, womete ŋu kɔe ɖo egbɔ o; eya ta woyi ɖaɖe mɔ ɖe xɔ si me Yesu le la tame, eye esi woŋɔe vɔ la, woɖiɖi aba si dzi lãmetututɔ la mlɔ la ɖe anyi.
Explore Marko 2:4
5
Marko 2:10-11
Ke be mianya be ŋusẽ le Amegbetɔ Vi la si le xexea me be wòatsɔ nuvɔ̃wo ake la”, egblɔ na lãmetututɔ la be: “Mele egblɔm na wò be tsi tsitre, ŋlɔ wò aba, eye nàyi aƒeme!”
Explore Marko 2:10-11
6
Marko 2:9
Nya siawo dometɔ ka gbɔgblɔ na lãmetututɔ lae le bɔbɔe wu? ‘Wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò’ loo, alo: ‘Tsi tre, ŋlɔ wò aba, eye nàzɔ azɔli’?
Explore Marko 2:9
7
Marko 2:12
Lãmetututɔ la fɔ ɖe tsitre enumake, eye wòŋlɔ eƒe aba, hezɔ dzo le wo katã ŋkume. Nu sia wɔ nuku na ameawo katã, eye wokafu Mawu gblɔ be: “Gbeɖe! Nu sia tɔgbe ya la, míekpɔe kpɔ o.”
Explore Marko 2:12
Home
Bible
Plans
Videos