1
Mose I 50:20
EƲEGBE BIBLIA
Miawo mieɖoe be yewoawɔ vɔ̃m, ke Mawu trɔe wòzu nyui, be wòaxɔ ame geɖe ɖe agbe abe ale si wòdzɔ miele kpɔkpɔm egbe ene.
Compare
Explore Mose I 50:20
2
Mose I 50:19
Ke Yosef gblɔ na wo be: “Migavɔ̃ o. Mawu teƒe melea?
Explore Mose I 50:19
3
Mose I 50:21
Eya ta migavɔ̃ o. Malé be na mi kple mia viwo siaa.” Ale Yosef fa akɔ na wo, eye wòde dzi ƒo na wo.
Explore Mose I 50:21
4
Mose I 50:17
‘Migblɔ na Yosef be: Taflatsɛ, tsɔ nɔviwòwo ƒe vodada kple nuvɔ̃ ke wo, elabe wowɔ vɔ̃ ɖe ŋuwò.’ Azɔ míeɖe kuku na wò, tsɔ tɔ́wò ƒe Mawu la ƒe dɔlawo ƒe vodada ke wo.” Yosef fa avi esi woƒo nu kplii.
Explore Mose I 50:17
5
Mose I 50:24
Gbe ɖeka Yosef gblɔ na nɔviawo be: “Nye kuɣi ɖo; Mawu aɖo ŋku mia dzi, eye wòakplɔ mi tso anyigba sia dzi ayi anyigba si ŋugbe wòdo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi.”
Explore Mose I 50:24
6
Mose I 50:25
Tete Yosef na Israelviwo ka atam nɛ be: “Ne Mawu va mia kplɔ ge la, mitsɔ nye ƒuwo tso afii yii.”
Explore Mose I 50:25
7
Mose I 50:26
Yosef ku le Egipte esi wòxɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo. Wosi atike na eƒe kukua, eye wokɔe de aɖaka me le Egipte.
Explore Mose I 50:26
Home
Bible
Plans
Videos