Tete wòyra Yosef gblɔ be:
“Mawu si ƒe ŋkume tɔ́nyewo Abraham
kple Isak zɔ le,
Mawu si kplɔm le nye agbe me ŋkekewo katã me
va ɖo egbe,
mawudɔla si ɖem
tso vɔ̃wo katã me la,
neyra ɖevi siawo!
Nye ŋkɔ, tɔ́nyewo Abraham
kple Isak ŋkɔ,
nenɔ ɖevi siawo ŋu ɖaa.
Wonedzi ɖe edzi
le anyigba la dzi.”