1
Mose I 41:16
EƲEGBE BIBLIA
Yosef ɖo eŋu be: “Mawu aɖe drɔ̃ea gɔme na fia wòadze eŋu; menye nye o.”
Compare
Explore Mose I 41:16
2
Mose I 41:38
Tete fia la bia eŋumeawo be: “Ɖe míate ŋu akpɔ ame aɖe si me Mawu ƒe gbɔgbɔ la le abe ame sia enea?”
Explore Mose I 41:38
3
Mose I 41:39-40
Ale Fiagã la gblɔ na Yosef be: “Esi Mawu ɖe nu siawo katã fia wò ta la, efia be ame nyanu aɖaŋudzela aɖeke meli abe wò ene o. Eya ta wò koe matsɔ ɖo nye dukɔ nu. Dukɔ blibo la aɖo to wò. Nye, ame si le fiazikpui la dzi, koe anye ta na wò.”
Explore Mose I 41:39-40
4
Mose I 41:52
Egagblɔ hã be: “Mawu na medzi viwo le anyigba si dzi mekpe fu le la dzi,” eya ta wòna ŋkɔ via evelia be Efrayim.
Explore Mose I 41:52
5
Mose I 41:51
Yosef gblɔ be: “Mawu na meŋlɔ nye fukpekpewo kple nye ƒometɔwo be,” eya ta wòna ŋkɔ eƒe ŋgɔgbevia be Manase.
Explore Mose I 41:51
Home
Bible
Plans
Videos